Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ame Kawo Alo Nu Kawoe Nye Mawudɔlawo?

Ame Kawo Alo Nu Kawoe Nye Mawudɔlawo?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mawudɔlawo nye nuwɔwɔ siwo ƒe ŋusẽ kple ŋutetewo gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu. (2 Petro 2:11) Woƒe nɔƒee nye dziƒo, alo gbɔgbɔmenuto me, si nye xexe bubu aɖe si de ŋgɔ wu mía tɔ, si womekpɔna kple ŋku o. (1 Fiawo 8:27; Yohanes 6:38) Eya ta wogayɔa wo hã be gbɔgbɔwo.—1 Fiawo 22:21; Psalmo 18:10.

Aleke mawudɔlawo wɔ va dzɔ?

 Mawue wɔ mawudɔlawo to Yesu, ame si Biblia yɔ be “nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ” la dzi. Biblia ƒo nu tso ale si Mawu to Yesu dzi wɔ nuwo ŋu ale: “Eya dzie woto wɔ nu bubu siwo katã le dziƒowo kple anyigba dzi, nu siwo wokpɔna kple nu siwo womekpɔna o,” mawudɔlawo hã le eme. (Kolosetɔwo 1:13-17) Mawudɔlawo meɖea srɔ̃ dzia vi o. (Marko 12:25) Ke boŋ la, ɖe wowɔ “Mawu vavã la ƒe viwo” dometɔ ɖe sia ɖe ɖekaɖekae.—Hiob 1:6.

 Wowɔ mawudɔlawo xoxoxo hafi wova ɖo anyigba gɔme anyi. Esi Mawu wɔ anyigba la, mawudɔlawo “do dzidzɔɣli.”—Hiob 38:4-7.

Mawudɔla nenie li?

 Biblia meyɔ woƒe xexlẽme ŋutɔŋutɔ o, gake eɖee fia be wosɔ gbɔ ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, le ŋutega aɖe si apostolo Yohanes kpɔ me la, ekpɔ mawudɔla akpe ewo teƒe akpe ewowo kpakple akpe teƒe akpewo.—Nyaɖeɖefia 5:11.

Ðe ŋkɔwo kple amenyenye vovovowo le mawudɔlawo sia?

 Ɛ̃. Biblia yɔ mawudɔla eve ƒe ŋkɔwo: Mikael kple Gabriel. (Daniel 12:1; Luka 1:26) a Mawudɔla bubuwo lɔ̃ ɖe edzi be ŋkɔ le yewo si, gake womeyɔ woƒe ŋkɔ na ame aɖeke o.—1 Mose 32:29; Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:17, 18.

 Amenyenye vovovowoe le mawudɔlawo si. Wote ŋu ɖoa dze kple wo nɔewo. (1 Korintotɔwo 13:1) Tamebubu ƒe ŋutete le wo si eye wotea ŋu gblɔa nya lédzinamewo tsɔ kafua Mawu. (Luka 2:13, 14) Eye ablɔɖe le wo si be woate ŋu atia nyui alo vɔ̃, abe ale si wòdzɔ esi wo dometɔ aɖewo wɔ ɖeka kple Satana Abosam hedze aglã ɖe Mawu ŋu ene.—Mateo 25:41; 2 Petro 2:4.

Ðe ɖoƒe vovovowo le mawudɔlawo sia?

 Ɛ̃. Le mawudɔlawo dome la, wo dometɔ si si ŋusẽ gãtɔ kekeake le wue nye Mikael, mawudɔla gãtɔ la. (Yuda 9; Nyaɖeɖefia 12:7) Ðoƒe kɔkɔ le Serafiwo si, eye afi si wole le dziƒo la te ɖe Yehowa ƒe fiazikpuia ŋu. (Yesaya 6:2, 6) Ðoƒe kɔkɔ le Kerubiwo hã si eye wonye mawudɔla siwo wodea dɔ tɔxɛwo asi na. Le kpɔɖeŋu me, esi wonya Adam kple Xawa le abɔa me la, Kerubiwoe va nɔ Eden bɔa ƒe mɔnu dzɔm.—1 Mose 3:23, 24.

Ðe mawudɔlawo kpena ɖe amewo ŋua?

 Ɛ̃, Mawu zãa eƒe dɔla wɔnuteƒewo tsɔ kpena ɖe amewo ŋu egbea.

Ðe mawudɔla aɖe dzɔa mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋua?

 Togbɔ be mawudɔlawo kpena ɖe mawusubɔlawo ŋu be woanɔ dedie le gbɔgbɔ me hã la, mefia kokoko be mawudɔla ɖeka le Kristotɔ ɖe sia ɖe si si nɔa eŋu dzɔm o. b (Mateo 18:10) Mawudɔlawo mekpɔa Mawu subɔlawo ta tso xaxa alo tetekpɔ ɖe sia ɖe me o. Biblia fia mí be Mawu ‘ana mɔ si dzi míato ado le’ xaxawo me to ale si wòana nunya kple ŋusẽ mí be míado dzi la dzi.—1 Korintotɔwo 10:12, 13; Yakobo 1:2-5.

Susu totro siwo le amewo si ku ɖe mawudɔlawo ŋu

 Susu totro: Mawudɔlawo katã nye dɔla nyuiwo.

 Nyateƒenya: Biblia ƒo nu tso “gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi” kple “mawudɔla siwo wɔ nu vɔ̃” ŋu. (Efesotɔwo 6:12; 2 Petro 2:4) Mawudɔla vɔ̃ɖi siawo nye gbɔgbɔ vɔ̃ siwo wɔ ɖeka kple Satana hedze aglã ɖe Mawu ŋu.

 Susu totro: Mawudɔlawo mate ŋu aku gbeɖe o.

 Nyateƒenya: Woatsrɔ̃ mawudɔla vɔ̃ɖiwo, Satana Abosam hã le eme.—Yuda 6.

 Susu totro: Ne amewo ku la, wotrɔna zua mawudɔlawo.

 Nyateƒenya: Ðe Mawu ɖoe koŋ wɔ mawudɔlawo, womenye amegbetɔ siwo ku siwo wofɔ ɖe tsitre o. (Kolosetɔwo 1:16) Ame siwo woafɔ ɖe tsitre woayi dziƒo la axɔ nunana si nye makumakunyenye tso Mawu gbɔ. (1 Korintotɔwo 15:53, 54) Ðoƒe si kɔ wu mawudɔlawo tɔ asu wo si.—1 Korintotɔwo 6:3.

 Susu totro: Ðe wowɔ mawudɔlawo be woasubɔ amegbetɔwo.

 Nyateƒenya: Mawu ƒe gbe dzie mawudɔlawo wɔna ɖo, ke menye mía tɔ o. (Psalmo 103:20, 21) Yesu ŋutɔ hã gblɔ be yeaɖe kuku na Mawu be wòaɖo mawudɔlawo ƒe aʋakɔ ɖe ye, ke menye be ye ŋutɔ yeabia kpekpeɖeŋu tso mawudɔlawo si o.—Mateo 26:53.

 Susu totro: Míate ŋu ado gbe ɖa abia kpekpeɖeŋu tso mawudɔlawo gbɔ.

 Nyateƒenya: Gbedodoɖa na Mawu nye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe, eye Yehowa Mawu koe dze nɛ. (Nyaɖeɖefia 19:10) Mawu koe wòle be míado gbe ɖa na, to Yesu dzi.—Yohanes 14:6.

a Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo zã nya “Lucifer” si dze le Yesaya 14:12, si gɔme ame aɖewo se be enye mawudɔla si va zu Satana Abosam la ƒe ŋkɔ. Ke hã, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be Lucifer la fia “ame si le keklẽm.” Nu si ŋu wonɔ nu ƒom tsoe le afi sia la fia be, menye Satana ƒe nya gblɔm wonɔ o, ke boŋ eku ɖe Babilontɔwo ƒe fiaƒome si Mawu abɔbɔ ɖe anyi le esi wodo wo ɖokui ɖe dzi ta la ŋu. (Yesaya 14:4, 13-20) Eya ta nyagbɔgblɔ “ame si le keklẽm” la nye alɔmeɖenya si wogblɔ ɖe Babilon fiaƒomea ŋu esi wòmu vɔ megbe.

b Ame aɖewo se nu si Biblia gblɔ tso ale si woɖe Petro le gaxɔ me ŋu la gɔme be mawudɔla aɖe nɔ Petro si si dzɔa eŋu. (Dɔwɔwɔwo 12:6-16) Ke hã, esi nusrɔ̃lawo zã nyagbe ‘Petro ƒe mawudɔla’ la, ate ŋu anɔ eme be wobui vodadatɔe be mawudɔla aɖe si nye Petro teƒenɔla ye va yewo gbɔ, ke menye Petro ŋutɔŋutɔe o.