Dzo kpo yi emenuwo dzi

Abosam Gbɔe Fukpekpewo Katã Tsona?

Abosam Gbɔe Fukpekpewo Katã Tsona?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mawu ƒe Nya, Biblia, ɖee fia be Satana li vavã, eye abe ale si nu vlo wɔlawo ƒe tatɔ sẽŋuwo wɔa nui ene la, eya hã toa “amebeble ƒe dzesiwo” kple “madzɔmadzɔnyenye ƒe beble” ƒe mɔnuwo dzi be yeana yeƒe tameɖoɖowo nava eme. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be etrɔa “eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (2 Tesalonikatɔwo 2:9, 10; 2 Korintotɔwo 11:14) Nenema kee nu vɔ̃ɖi siwo Abosam wɔna la ɖoa kpe edzi be eli.

 Ke hã menye Abosam gbɔe míaƒe fukpekpewo katã tsona o. Aleke wɔ? Mawu wɔ amegbetɔwo hena ŋutete wo be woate ŋu atiae be yewoawɔ nyui alo vɔ̃. (Yosua 24:15) Ne míewɔ tiatia gbegblẽwo la, fukpekpee dona tso eme na mí.—Galatiatɔwo 6:7, 8.