Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Wòfia Be Ame Nanɔ Kɔkɔe?

Nu Kae Wòfia Be Ame Nanɔ Kɔkɔe?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Be nane nanɔ kɔkɔe fia be woaɖe nua ɖe aga tso ɖiƒoƒo gbɔ. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “kɔkɔe” la tso nya aɖe si gɔmee nye “ɖe ɖe vovo” me. Eya ta nu si le kɔkɔe nye nu si woɖe ɖe vovo tso ŋudɔwɔnu tsɛ bubuwo gbɔ, alo enye nu si wobuna nu kɔkɔe, vevietɔ le esi eŋu dza alo eŋu kɔ ta.

 Mawu ƒe kɔkɔenyenye ƒo ɖe sia ɖe ta. Biblia gblɔ be: “Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o.” a (1 Samuel 2:2) Eya ta Mawu ɖeɖe koe dze aɖo kɔkɔenyenye ƒe nudidiwo na mí.

 Wotea ŋu zãa nya “kɔkɔe” wòkuna ɖe nu sia nu si do ƒome kple Mawu tẽe la ŋu, vevietɔ nu siwo woɖe ɖe vovo etɔxɛe le tadedeagu nɛ me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso nu kɔkɔewo abe esiawo ene ŋu:

  •   Teƒe kɔkɔewo: Mawu gblɔ na Mose le ŋuve si nɔ bibim la gbɔ be: “Teƒe si nèle tsitre ɖo la, anyigba kɔkɔe wònye.”—2 Mose 3:2-5.

  •   Wɔna kɔkɔewo: Blema Israel-viwo dea ta agu na Yehowa le ŋkekenyui siwo woɖuna edziedzi siwo woyɔna be “takpekpe kɔkɔewo” la me.—3 Mose 23:37.

  •   Nu kɔkɔewo: Woyɔa nu siwo wozãna le Mawu subɔsubɔ me le blema gbedoxɔa me le Yerusalem la be ‘nu kɔkɔewo.’ (1 Fiawo 8:4) Ele be woade bubu deto nu kɔkɔe siawo ŋu, togbɔ be menye ɖe woade ta agu na wo o hã. b

Ðe wòanya wɔ be amegbetɔ madeblibowo nanɔ kɔkɔea?

 Ɛ̃. Mawu de se na Kristotɔwo be: “Minɔ kɔkɔe, elabena nye la, mele kɔkɔe.” (1 Petro 1:16) Enye nyateƒe be amegbetɔ madeblibowo mate ŋu aɖo Mawu ƒe kɔkɔenyenye ƒe nudidi debliboawo gbɔ bliboe gbeɖe o. Ke hã, Mawu bua amegbetɔ siwo wɔa eƒe se dzɔdzɔeawo dzi la be wonye ame ‘siwo le kɔkɔe, siwo dzea Mawu ŋu.’ (Romatɔwo 12:1) Ame si dzea agbagba be yeanɔ kɔkɔe la ɖea esia fiana le eƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me. Le kpɔɖeŋu me, ewɔna ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si nye be, “mianye ame siwo ŋu kɔ, eye miatsri gbɔdɔdɔ manɔsenu,” kple “miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me” la dzi.—1 Tesalonikatɔwo 4:3; 1 Petro 1:15.

Ðe wòate ŋu adzɔ be ame aɖe magava nɔ kɔkɔe le Mawu ŋkume oa?

 Ɛ̃. Ne ame aɖe megava nɔa agbe ɖe Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti nudidiwo nu o la, Mawu magabui be ele kɔkɔe o. Le kpɔɖeŋu me, “nɔvi kɔkɔewo” ye woŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ si nye Hebritɔwo la na, gake woxlɔ̃ nu wo le agbalẽa me be woaɖɔ ŋu ɖo be ‘dzi vɔ̃ɖi maxɔse nagaɖo wo dometɔ aɖeke me, le esi wòle tetem ɖa le Mawu gbagbe la gbɔ ta o.’—Hebritɔwo 3:1, 12.

Susu totro siwo le amewo si ku ɖe kɔkɔenyenye ŋu

 Susu totro: Ame ate ŋu anɔ kɔkɔe ne etea nu eɖokui le agbe me.

 Nyateƒea: Biblia ɖee fia be ‘fuwɔwɔ ame ƒe ŋutilã’ alo nutete ame ɖokui si gbɔ eme ‘mekpena ɖe ame ŋu’ be wòadze Mawu ŋu o. (Kolosetɔwo 2:23) Ke boŋ Mawu di be míase vivi na nu nyuiwo. “Ame sia ame naɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo katã me. Mawu ƒe nunanae wònye.”—Nyagblɔla 3:13.

 Susu totro: Srɔ̃maɖemaɖe nana ame nɔa kɔkɔe wu.

 Nyateƒea: Togbɔ be Kristotɔ aɖe ate ŋu atiae be yemaɖe srɔ̃ o hã la, menye esiae ana wòanɔ kɔkɔe le Mawu ŋkume o. Ele eme be trewo ate ŋu asubɔ Mawu susuhenuwo manɔmee ya. (1 Korintotɔwo 7:32-34) Ke hã, Biblia ɖee fia be ame siwo ɖe srɔ̃ hã ate ŋu anɔ kɔkɔe. Le nyateƒe me la, srɔ̃ nɔ Yesu ƒe apostoloawo dometɔ ɖeka ya teti si. Eyae nye Petro.—Mateo 8:14; 1 Korintotɔwo 9:5.

a Yehowa ye nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ. Mawunyakpukpui alafa geɖe yɔ nya siwo nye “kɔkɔe” kple “kɔkɔenyenye” ɖe eƒe ŋkɔ ŋu.

Wotea ŋu zãa nya “kɔkɔe” wòkuna ɖe nu sia nu si do ƒome kple Mawu tẽe la ŋu, vevietɔ nu siwo woɖe ɖe vovo etɔxɛe le tadedeagu nɛ me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso nu kɔkɔewo abe esiawo ene ŋu:

b Biblia meda asi ɖe tadedeagu na subɔsubɔ me ŋkuɖodzinuwo dzi o.—1 Korintotɔwo 10:14.