Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Luʋɔ?

Nu Kae Nye Luʋɔ?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Hebrigbe me nya si nye neʹphesh kple Helagbe me nya si nye psy·kheʹ gɔmee woɖe le Biblia me be “luʋɔ.” Hebrigbe me nya sia ƒe gɔmeɖeɖe tẽe nye “nuwɔwɔ si gbɔna” eye Helagbe me tɔa hã gɔmee nye “nu gbagbe.” a Eya ta nu si luʋɔ fiae nye nu gbagbe bliboa, ke menye nane si le nu gbagbea me si yia edzi nɔa agbe ne nu gbagbea ku o. Kpɔ ale si Biblia ɖee fia be amegbetɔ blibo lae nye luʋɔ la ɖa:

Womede luʋɔ Adam me o​—ɖe wòzu “luʋɔ gbagbe”

  •   Esi Yehowa Mawu wɔ Adam si nye amegbetɔ gbãtɔ la, Biblia gblɔ be “ame la zu luʋɔ gbagbe.” (1 Mose 2:7) Womede luʋɔ Adam me o​—ɖe wòzu luʋɔ alo ame gbagbe.

  •   Biblia gblɔ be luʋɔ ate ŋu awɔ dɔ, nuɖuɖu ate ŋu adzroe, ate ŋu aɖu nu, ate ŋu awɔ se dzi eye ate ŋu aka asi nu kuku ŋu. (3 Mose 5:2; 7:20; 23:30; 5 Mose 12:20; Romatɔwo 13:1) Ame bliboae wɔa nu siawo.

Ðe luʋɔ nye nu makumakua?

 Ao, luʋɔ ate ŋu aku. Mawunyakpukpui geɖewo ɖee fia be luʋɔ kuna. Wo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

  •   “Luʋɔ, si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.”​—Ezekiel 18:4, 20, Eʋegbe Biblia.

  •   Le blema Israel la, to si wohena na amewo le nu vɔ̃ gã akpa gãtɔ gomee nye be “wotsrɔ̃a luʋɔ” mawo. (2 Mose 12:15, 19; 3 Mose 7:20, 21, 27; 19:8, King James Version) “Woatsrɔ̃ eƒe agbe ɖa.”​—2 Mose 31:14, Eʋegbe Biblia.

  •   Ne amea ku la, woyɔa eƒe ŋutilã kukua le Biblia aɖewo me be “luʋɔ kuku.” (3 Mose 21:11, etenuŋɔŋlɔ; 4 Mose 6:6, etenuŋɔŋlɔ) Togbɔ be Biblia geɖewo zã nya siwo nye “ŋutilã kuku alo “ame kuku le kpukpui siawo me hã la, neʹphesh alo “luʋɔ” ye wozã le kpukpui siawo me le Hebri nuŋlɔɖiawo me.

“Luʋɔ” ate ŋu afia “agbe”

 Wotea ŋu zãa “luʋɔ” le Biblia me hã wòfiaa “agbe.” Le kpɔɖeŋu me, wozã Hebrigbe me nya (neʹphesh) si gɔme woɖena be “luʋɔ” wòfia “agbe” le Hiob 33:22. Nenema ke Biblia ɖee fia be ame ate ŋu ade eƒe luʋɔ afɔku me alo atsrɔ̃e.​— 2 Mose 4:19; Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:17; Filipitɔwo 2:30.

 Nya “luʋɔ” zazã le gɔmesese sia nu akpe ɖe mía ŋu míase mawunyakpukpui siwo me wogblɔ le be luʋɔ “nɔ dodom” alo nɔ “dzodzom” la gɔme. (1 Mose 35:18; King James Version) Nyagbɔgblɔ sia fia be amea ƒe agbe nu nɔ tsotsom. Woɖe 1 Mose 35:18 me nya sia gɔme le Biblia aɖewo me be “egbɔ zi mamlɛtɔ.”​—Good News Translation; New Jerusalem Bible.

Afi si luʋɔ makumaku ƒe dzixɔsea dzɔ tso

 Helatɔwo ƒe xexemenunya mee Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha siwo xɔe se be luʋɔ mekuna o la kpɔ woƒe nufiafia sia tso, menye Biblia mee o. Numekugbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) gblɔ be: “Nu si wowɔnɛ le Biblia me be luʋɔ la do ƒome kple ŋɔtimegbɔgbɔ eye mede vovototo aɖeke luʋɔ makpɔmakpɔ kple ŋutilã si wokpɔna la dome o. Blema Helatɔwo gbɔe Kristotɔwo ƒe dzixɔse si nye be luʋɔ to vovo na ŋutilã la dzɔ tso.”

 Mawu meda asi ɖe edzi be míatsɔ amegbetɔwo ƒe xexemenunya atsaka yeƒe nufiafiawo o. Xexemenunya sia dometɔ ɖekae nye dzixɔse si nye be luʋɔ mekuna o. Biblia xlɔ̃ nu mí boŋ be míakpɔ “nyuie be ame aɖeke nagato xexemenunya kple beble dzodzro si wotu ɖe amewo ƒe kɔnyinyiwo dzi aɖe aboyo” mí o.​—Kolosetɔwo 2:8.

a Kpɔ agbalẽ siwo nye The New Brown, Driver, and Briggs Hebrew and English Lexicon of the Old Testament, axa 659, kple Lexicon in Veteris Testamenti Libros, axa 627. Woɖe neʹphesh kple psy·kheʹ le Biblia geɖewo me kple nya vovovowo wòsɔna ɖe nya siwo gblɔm wole la nu. Woɖe wo gɔme ɣeaɖeɣi be “luʋɔ,” “agbe,” “ame,” “nuwɔwɔ,” alo “ŋutilã.”