Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Lododowo 16:3—“Tsɔ Wò Dɔwo De Asi Na Yehowa”

Lododowo 16:3—“Tsɔ Wò Dɔwo De Asi Na Yehowa”

 “Tsɔ wò dɔ ɖe sia ɖe de asi na Yehowa, ekema wò ɖoɖowo adze edzi.”—Lododowo 16:3, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.

 “Tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa; ekema wò tameɖoɖowo adze dzi.”—Lododowo 16:3, Eʋegbe Biblia.

Nu Si Lododowo 16:3 Fia

 Lododo sia ka ɖe edzi na ame siwo katã subɔa Mawu vavã la be woƒe tameɖoɖowo adze edzi nenye be wodia Mawu kple eƒe mɔfiamewo tsɔ ɖenɛ fiana be yewoɖoa ŋu ɖe eŋu.

 “Tsɔ wò dɔ ɖe sia ɖe de asi na Yehowa.” Hafi Yehowa a subɔlawo natso nya mea, wobɔbɔa wo ɖokui dia eƒe mɔfiame. (Yakobo 1:5) Nu ka tae? Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye be zi geɖea, ŋusẽ boo aɖeke menɔa amegbetɔwo si be woawɔ naneke tso nu siwo tea ŋu dzɔna ɖe wo dzi le agbe mea ŋu o. (Nyagblɔla 9:11; Yakobo 4:13-15) Tsɔ kpe ɖe eŋua, ɖewohĩ nunya si akpe ɖe wo ŋu be woƒe tameɖoɖoa nava emea menɔa wo si o. Le susu siawo taa, ame geɖe wɔa nu le nunya me hetsɔa woƒe nyawo gblẽna ɖe Mawu si me. Ale si wowɔa esia ye nye be, wodoa gbe ɖa nɛ be wòafia mɔ yewo eye wowɔa eƒe lɔlɔ̃nu, abe ale si wòdze le eƒe Nya, Biblia, me ene.—Lododowo 3:5, 6; 2 Timoteo 3:16, 17.

 Le nyagbea nua, nya “tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa” b fia be “mli wò dɔwo ɖe Yehowa dzi.” Le nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒe nya nua, nya ma fia ale si “ame aɖe natsɔ agba kpekpe aɖe ɖe dzime eye wòaɖee atsɔ ana ame si si ŋusẽ le wu be wòatsɔ.” Ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖoa ŋu ɖe Mawu ŋua ate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe yewo ŋu ahalé yewo ɖe te.—Psalmo 37:5; 55:22.

 Nyagbɔgblɔ “wò dɔ ɖe sia ɖe” mefia be Mawu ada asi ɖe amewo ƒe tameɖoɖo ɖe sia ɖe dzi alo ayra ɖe wo dzi o. Hafi Yehowa nayra ɖe tameɖoɖo aɖe dzia, ele be wòawɔ ɖeka kple eƒe nudidiwo kple eƒe lɔlɔ̃nu. (Psalmo 127:1; 1 Yohanes 5:14) Mawu meyrana ɖe tomaɖomaɖo ƒe nuwɔnawo dzi o. Le nyateƒe mea, “egblẽa ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowo me.” (Psalmo 146:9) Gake eyraa ame siwo bɔbɔa wo ɖokui wɔa mɔfiame siwo le Biblia mea dzi.—Psalmo 37:23.

 Ekema wò ɖoɖowo adze edzi.” Le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo mea, woɖe nya sia gɔme be “wò ɖoɖowo ali ke.” Le Hebri Ŋɔŋlɔawo, si ame geɖe yɔna be Nubabla Xoxoa mea, nya si gɔme woɖe be “li ke” la hea susu yia ale si woɖoa gɔmeɖoanyi dzi, eye wozãa nya sia tsɔ ɖɔa ale si nu siwo Mawu wɔa li kee la zi geɖe. (Lododowo 3:19; Yeremiya 10:12) Le mɔ ma ke nua, Mawu ana ame siwo wɔa nu si sɔ le eŋkumea ƒe tameɖoɖowo nali ke, eye wòakpe ɖe wo ŋu woanɔ dedie ahakpɔ dzidzɔ le agbe me.—Psalmo 20:4; Lododowo 12:3.

Nya Siwo Ƒo Xlã Lododowo 16:3

 Fia Salomo ye ŋlɔ lododo sia kple Lododowo ƒe agbalẽa me nya akpa gãtɔ. Ete ŋu do lo akpe geɖe le nunya si Mawu nae ta.—1 Fiawo 4:29, 32; 10:23, 24.

 Le ta 16 ƒe kpukpui gbãtɔawo mea, Salomo kafu Mawu ƒe nunya eye wòɖee fia hã be Mawu nyɔa ŋu dadalawo. (Lododowo 16:1-5) Eyome kpukpui susɔeawo he nuxlẽlaa ƒe susu yi nya vevi aɖe si dze le Lododowo ƒe agbalẽa me enuenua dzi: Hafi amegbetɔwo nate ŋu adze nunya eye woakpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ le agbe mea, ele be woabɔbɔ wo ɖokui ahaɖe mɔ Mawu nafia mɔ woƒe afɔɖeɖewo. (Lododowo 16:3, 6-8, 18-23) Nyateƒenya sia dze le Biblia me zi geɖe.—Psalmo 1:1-3; Yesaya 26:3; Yeremiya 17:7, 8; 1 Yohanes 3:22.

 Kpɔ video kpui sia be nàkpɔ nu si ŋu Lododowo ƒe agbalẽa ku ɖo.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Ame Kae Nye Yehowa?

b Le yevugbe me Biblia geɖe mea, wozã nya “AƑETƆ la” ɖe Mawu ƒe ŋkɔa teƒe. Ne èdi be yeakpɔ nu si tae esia wɔwɔ ate ŋu ana Biblia xlẽlawo natɔtɔa, kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Isaiah 42:8—‘I Am the LORD.’