Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Marko 11:24—“Nu Sia Nu, Si Ke Ta Miado Gbe Ða Le, Eye Miabia La, Mixɔe Se Bena, Asu Mia Si”

Marko 11:24—“Nu Sia Nu, Si Ke Ta Miado Gbe Ða Le, Eye Miabia La, Mixɔe Se Bena, Asu Mia Si”

 “Esia tae mele egblɔm na mi be, nu siwo katã miedoa gbe ɖa biana la, mixɔe se be miexɔ wo xoxo, ekema woasu mia si.”—Marko 11:24, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.

 “Eya ŋuti mele egblɔm na mi bena: Nu sia nu, si ke ta miado gbe ɖa le, eye miabia la, mixɔe se bena, asu mia si, eye ava ve me na mi.”—Marko 11:24, Eʋegbe Biblia.

Nu si Marko 11:24 fia

 Yesu to nya mawo siwo wògblɔ dzi nɔ eyomedzelawo fiam be ele vevie be woaxɔe se bliboe be nu nyui geɖe tea ŋu dona tso gbedodoɖa me. Eka ɖe edzi na wo be menye ɖeko Mawu sea gbedodoɖawo o, ke eɖoa wo ŋu hã. Ne ame aɖe do gbe ɖa tso dzi me wòwɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nua, ate ŋu aka ɖe edzi be nu si wòbia la ava eme godoo. Ðeko wòle abe ɖe woɖo gbedodoɖaa ŋu xoxo ene.

 Yesu na eme kɔ nyuie be ele vevie be xɔse nanɔ mía si ne míele gbe dom ɖa. Egblɔ be mele be ame si le gbe dom ɖa la nake “ɖi le eƒe dzi me o,” ke boŋ ‘wòaxɔe se be nya si yegblɔ la ava eme.’ (Marko 11:23) Nu ka tae? Nu si tae nye be ame si kea ɖia mate nu akpɔ mɔ “kura be yeaxɔ nane tso Yehowa gbɔ o.” aYakobo 1:5-8.

 Ame si si xɔse lea doa gbe ɖa edziedzi. (Luka 11:9, 10; Romatɔwo 12:12) Etoa esia dzi ɖenɛ fiana be nu si ŋu yele gbe dom ɖa lea hiã ye ŋutɔŋutɔ, eye yeka ɖe edzi le nyateƒe me be Mawu ate ŋu aɖo yeƒe gbedodoɖaa ŋu. Gake elɔ̃na ɖe edzi hã be mɔ si nu Mawu atiae be yeaɖo gbedodoɖaa ŋu le kple ɣeyiɣi si me wòaɖo eŋua ate ŋu ato vovo na ale si yesusu.—Efesotɔwo 3:20; Hebritɔwo 11:6.

 Gake Yesu ƒe nyawo mefia be ame sia ame ko ate ŋu akpɔ mɔ be nu sia nu si yebia Mawu le gbedodoɖa mea ava eme na ye o. Yesu nɔ nu ƒom na eyomedzelawo, siwo nye ŋutsu siwo si xɔse le eye wowɔa woƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yewoasubɔ Yehowa Mawu wòadze eŋu. Biblia gblɔ be gbedodoɖa siwo wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la koe wòɖoa toe. (1 Yohanes 5:14) Yehowa meɖoa to ame siwo ɖonɛ koŋ gbea eƒe sewo dzi wɔwɔ eye wowɔa nu gbegblẽwo hegbea dzimetɔtrɔ la ƒe gbedodoɖawo o. (Yesaya 1:15; Mika 3:4; Yohanes 9:31) Ne èdi be yeasrɔ̃ nu bubuwo tso gbedodoɖa siwo Mawu ɖoa toe ŋua, kpɔ video kpui sia.

Nya siwo ƒo xlã Marko 11:24

 Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa ƒe ŋkeke mamlɛawo mea, eɖe nu si tae wòle vevie be yeƒe nusrɔ̃lawo naxɔ Mawu dzi ase kple kakaɖedzia me na wo. Ewɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ te gbe ɖe nya sia dzi. Esime wonɔ mɔ zɔm yina Yerusalem la, ede dzesi gboti aɖe si to aŋgbawo kaba. Gake atikutsetse aɖeke menɔ atia dzi o, eya ta Yesu ƒo fi de atia. (Marko 11:12-14) Ale si atia da amae na wòdze abe atikutsetsewo anɔ edzi ene, gake menɔ nenema o. Esia nye kpɔɖeŋu na blema Israel dukɔa, elabe wodzena abe ɖe wosubɔa Mawu ene gake le nyateƒe mea, xɔse menɔ wo si o. (Mateo 21:43) Atia yrɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe, eye esia nye kpɔɖeŋu na nu si ava dzɔ kpuie ɖe Israel dukɔ si si xɔse mele oa dzi.—Marko 11:19-21.

 Gake Yesu ka ɖe edzi be le ye yomedzelawo ya gomea, xɔse si hiã ale be woate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu eye woawɔ nu ɖedzesiwo la asu wo si. (Marko 11:22, 23) Aɖaŋu si Yesu ɖo na eyomedzelawo ku ɖe gbedodoɖa ŋua sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi ŋutɔ, elabe eteƒe madidi o, woado woƒe xɔse kpɔ. Yesu ƒe kua kple ale si amewo atsi tre ɖe woƒe subɔsubɔdɔa ŋu vevie la anye dodokpɔ na wo. (Luka 24:17-20; Dɔwɔwɔwo 5:17, 18, 40) Egbea, Yesu yomedzelawo ate ŋu awɔ nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo me ne woɖee fia be yewoxɔ Mawu dzi se eye yewoka ɖe edzi be gbedodoɖa wɔa dɔ.—Yakobo 2:26.

 Kpɔ video kpui sia be nànya nu si ŋu Marko ƒe agbalẽa ku ɖo.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?