Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Azã Aɖewo O?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Azã Aɖewo O?

 Aleke Yehowa Ðasefowo wɔna nyana ne azã aɖe ɖuɖu sɔ alo mesɔ o?

 Yehowa Ðasefowo kua nu me le Biblia me hafi nyana ne woaɖu azã aɖe alo womaɖui o. Ŋkekenyui kple azãɖuɖu aɖewo tsitre ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu tẽe. Yehowa Ðasefowo meɖua azã siawo ƒomevi o. Gake le azã bubuwo gome ya la, Yehowa Ðasefo ɖe sia ɖe tsoa nya me na eya ŋutɔ ɖokui, ale ‘be dzitsinya nyui nanɔ esi le Mawu kple amewo gbɔ.’—Dɔwɔwɔwo 24:16.

 Ne Yehowa Ðasefowo le edam kpɔ ne woaɖu azã aɖe alo womaɖui o la wobiaa nyabiase siwo gbɔna la wo ɖokuiwo. a

  •   Ðe wotu azã la ɖuɖu ɖe nufiafia aɖe si mele Biblia me o dzia?

     Biblia ƒe mɔfiame: “‘Mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa,’ Yehowa ye gblɔe, ‘eye midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu.’”—2 Korintotɔwo 6:15-17.

     Be Yehowa Ðasefowo naƒo asa na nufiafia siwo mesɔ le Mawu ŋkume o, kple esiwo tsitre ɖe nu si Biblia fia ŋu keŋkeŋ la, womeɖua azã siwo ku ɖe nu siwo gbɔna la ŋu o.

     Ŋkekenyui siwo wotu ɖe mawuwo dzixɔxɔse alo wo subɔsubɔ dzi. Yesu gblɔ be: “Yehowa wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.” (Mateo 4:10) Esi Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe Yesu ƒe nya sia dzi ta la, womeɖua Kristmas kple Easter o, elabena ŋkeke nyui siawo dzɔ tso mawu bubuwo subɔsubɔ me. Eye gatsɔ kpe ɖe eŋua, Yehowa Ðasefowo meɖua azã bubu siwo gbɔna la o.

    •  Azã Si Woyɔna Be Kwanzaa. Woɖe ŋkɔ Kwanza tso Swahiligbe me nyagbe si nye matunda ya kwanza, si “gɔmee nye ‘kutsetse gbãtɔ’ me, eye [esia] ɖee fia be azã sia dzɔ tso ɣeyiɣi si me Afrikatɔwo xa woƒe nukuwo ƒe kutsetse gbãtɔ le ŋutinya me la me.” (Encyclopedia of Black Studies). Togbɔ be ame aɖewo mebua Kwanzaa be enye subɔsubɔhawo ƒe azã o hã la, agbalẽ si nye Encyclopedia of African Religion tsɔ azã sia sɔ kple Afrikatɔwo ƒe nukuxaxa ƒe azã. Le Africatɔwo ƒe azã sia me la, amewo tsɔa woƒe agblemenukuwo ƒe gbãtɔwo saa vɔ na mawuwo kple tɔgbuikukuwo tsɔ daa akpe na wo. Nuwɔna siawo dzie wotu Kwanza si nye ŋkekenyui si Afrika-Amerikatɔwo ɖuna la ɖo.

      Azã Si Nye Kwanzaa

    •  Azã Si Woɖuna Le Kele Ƒe Domedome. Enye “azã si woɖuna tsɔ dea bubu ɣletimawunɔ ŋu.” (Holidays, Festivals, and Celebrations of the World Dictionary) Le azã sia ɖuɣi la, wowɔa “kɔnu aɖe si me nyɔnu siwo le mawunɔ sia ƒe aƒe me la dea ta agu nɛ.”—Religions of the World—A Comprehensive Encyclopedia of Beliefs and Practices.

    •  Azã Si Woyɔna Be Nauruz (Nowruz). “Zoroasta subɔsubɔha mee azã sia dzɔ tso, eye enye ŋkeke kɔkɔetɔwo dometɔ ɖeka le blema Zoroastatɔwo ƒe ɣletigbalẽ dzi. . . . Zoroastatɔwo xɔe se be le vuvɔŋɔli la, Vuvɔŋɔli ƒe Gbɔgbɔ tea Ɣleti ƒe Gbɔgbɔ ɖe to, eya ta woɖua Nowruz ƒe azã tsɔ doa wòezɔ na Ɣletia ƒe Gbɔgbɔ ne vuvɔŋɔli wu enu.”—United Nations Educational, Scientific and Cultural Organization.

    •  Azã Si Woyɔna Be Shab-e Yalda. Woɖua azã sia le ɣeyiɣi si me zã didina wu ŋkeke, eye agbalẽ si nye Sufism in the Secret History of Persia ka nya ta be “azã sia do ƒome kple Mithra si nye kekeli ƒe mawu subɔsubɔ.” Wogblɔ hã be azã sia anya do ƒome kple Romatɔwo kple Helatɔwo ƒe ɣemawuwo subɔsubɔ. b

    •  Azã Si Woɖuna Tsɔ Daa Akpe. Abe Kwanza zãa ene la, azã sia hã dzɔ tso blema nukuxazã siwo woɖuna tsɔ dea bubu mawu vovovowo ŋu me. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, sɔlemehawo hã va xɔ blema kɔnu siawo wɔ wo tɔ.—A Great and Godly Adventure—The Pilgrims and the Myth of the First Thanksgiving.

     Azã siwo wotu ɖe aʋatsodzixɔse alo dzɔgbenyui dzixɔsewo dzi. Biblia gblɔ be, “ame siwo kua wain si wotɔtɔ kplu banaa na Dzɔgbese ” la le “ame siwo gblẽ Yehowa ɖi la dome.” (Yesaya 65:11) Le esia ta la, Yehowa Ðasefowo meɖua azã siwo gbɔna la o:

    •  Azã si woyɔna be Ivan Kupala. Agbalẽ si nye The A to Z of Belarus gblɔ be: “Amewo xɔe se be le [Ivan Kupala] ɖugbe la, magiki ŋusẽ geɖe sua dzɔdzɔme si eye ame siwo ƒo dzi le eye dzɔgbenyui le wo ŋu la ate ŋu axɔ ŋusẽ sia ƒe ɖe le azã la ɖugbe.” Tsã la, azã sia nye trɔ̃subɔlawo ƒe azã si woɖuna le ɣeyiɣi si me ŋkeke didina wu zã. Ke hã, agbalẽ si nye Encyclopedia of Contemporary Russian Culture gblɔ be, “esi trɔ̃subɔlawo trɔ dzi me zu Kristotɔwo la wotsaka trɔ̃subɔlawo ƒe ŋkeke nyui sia kple [Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela ƒe “ŋkeke kɔkɔe”] si Kristotɔwo ɖuna.”

    •  Ƒe Yeye Zã (Chinatɔwo alo Koreatɔwo Ƒe Ƒe Yeye Zã). “Le ƒea ƒe gɔmedzedze la, ƒomewo kple xɔlɔ̃wo ƒe taɖodzinu vevitɔe nye be yewoana nu nadze edzi na yewo le ƒea me. Ta wodea bubu mawuwo kple gbɔgbɔwo ŋu tsɔ biana ƒea ƒe dzidzedze na wo ɖokui.” (Mooncakes and Hungry Ghosts—Festivals of China) Nenema kee “le Koreatɔwo ƒe ƒe yeye zã ɖuɣi la, wosubɔa tɔgbui kukuwo, wowɔa kɔnuwo tsɔ nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo eye wobiaa ƒea ƒe dzɔgbenyui na wo ɖokuiwo.”—Encyclopedia of New Year’s Holidays Worldwide.

      Chinatɔwo Ƒe Ƒe Yeye Zã

     Azã siwo wotu ɖe luʋɔ̃ makumaku ƒe dzixɔse dzi. Biblia gblɔe eme kɔ be luʋɔ kuna. (Ezekiel 18:4) Esia taa, Yehowa Ðasefowo meɖua azã siwo gbɔna o, elabe wodoa luʋɔ̃ makumaku ƒe nufiafia ɖe ŋgɔ:

    •  Ŋɔliwo Katã Ƒe Ŋkeke (Ame Kukuwo Ƒe Ŋkeke). Agbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia gblɔ be, “woɖoa ŋku xɔsetɔ siwo ku la dzi” le azã sia ɖuɣi. Agbalẽa ɖe eme be, “tso ƒe alafa 5 lia va ɖo ƒe alafa 15 lia me la, woxɔe se be ame kuku siwo le ŋutiklɔdzo me la trɔna zua ŋɔliwo, adzewo, akpɔkplɔwo alo nububuwo, eye wova tua nu kple ame siwo da vo ɖe wo dzi le woƒe agbe me.”

    •  Azã Si Nye Qingming (Ch’ing Ming) Kple Ŋɔli Siwo Dɔ Le Wuwum Ƒe Azã. Woɖua azã eve siawo tsɔ dea bubu tɔgbuikukuwo ŋu. Agbalẽ si nye Celebrating Life Customs Around the World—From Baby Showers to Funerals gblɔ be “ne wole Ch’ing Ming zã ɖum la, wotɔa dzo nuɖuɖu, aha, kple pepa gawo kple susu be dɔ alo tsikɔ nagawu ame kukuwo alo ga nagahĩa wo o.” Agbalẽa gblɔ yi edzi be, “le ɣleti si me woɖua Ŋɔli Siwo Dɔ Le Wuwum Ƒe Azã le, vevietɔ le zã si me ɣletia sɔ tegblẽe la, amewo xɔe se be kadodo sẽŋu aɖe va nɔa kukuawo kple agbagbeawo dome wu zã bubu ɖe sia ɖe, ta ele vevie be agbagbeawo nafa dzi na kukuawo eye woade bubu wo ŋu.”

    •  Azã si nye Chuseok. Agbalẽ si nye The Korean Tradition of Religion, Society, and Ethics gblɔ be, nu siwo wowɔna le azã sia ɖuɣi la dometɔ aɖewoe nye “nuɖuɖu kple aha nana ŋɔliwo.” Egblɔ yi edzi be “nu sia wɔwɔ ɖee fia be woxɔe se be ame kukuwo ƒe luʋɔ yi edzi le agbe le ku megbe.”

     Azãɖuɖu siwo do ka kple vivimeŋusẽwo. Biblia gblɔ be: “Bokɔnɔ, akunyawɔla, nutabiala, dzotɔ, ame si saa gbe dea ame, nukala, afakala alo ŋɔliyɔla . . . la ŋunyɔnu wònye na Yehowa.” (5 Mose 18:10-12) Be Yehowa Ðasefowo natsri nu siwo do ka kple vivimeŋusẽwo si ƒe ɖee nye ɣletivimefakaka la, womeɖua Halloween alo azã bubu siwo gbɔna la o:

    •  Sinhala Kple Tamiltɔwo Ƒe Ƒe Yeye Zã. “Le azã sia ɖuɣi la, wowɔa kɔnu aɖewo le ɣeyiɣi aɖewo koŋ si ɣletivimefakalawo ɖo anyi si wosusuna be ahe dzɔgbenyui vɛ la dzi.”—Encyclopedia of Sri Lanka.

    •  Azã Si Nye Songkran. “Woɖe Asiatɔwo ƒe azã sia ƒe ŋkɔ tso Sanskritgbe me nya aɖe si gɔmee nye ‘zɔ’ alo ‘trɔ’ me, eye woɖua azã sia tsɔ dea dzesi ɣea ƒe zɔzɔ geɖe ɣletiviwo ƒe hatsotso si woyɔna be Aries me.”—Food, Feasts, and Faith—An Encyclopedia of Food Culture in World Religions.

     Azã siwo woɖuna le Mose ƒe Sea (si wu enu ɖe Yesu ƒe vɔsaa dzi) te. Biblia gblɔ be “Kristoe nye Se la ƒe nuwuwu.” (Romatɔwo 10:4) Gɔmeɖose siwo le Mose ƒe Se si wona blema Israel dukɔa me la gaɖea vi na Kristotɔ siwo li egbea. Gake womeɖua azã siwo wobia tso Dukɔa si le Sea me be woaɖu o, vevietɔ azã siwo fia asi Mesia la, si Kristotɔwo xɔe se be eva xoxo la o. Biblia gblɔ be: “Nu mawo nye nu siwo ava va la ƒe vɔvɔli, ke nua ŋutɔŋutɔ le Kristo la me.” (Kolosetɔwo 2:17) Esi wònye be taɖodzinu siwo le azã siawo ŋu wu enu, eye kɔnu siwo wowɔna ne wole azã siawo ɖum egbea mesɔ ɖe ŋɔŋlɔawo nu o ta la, Yehowa Ðasefowo meɖua azã siwo gbɔna la o:

    •  Azã Si Woyɔna Be Hanukkah. Woɖua azã sia tsɔ ɖoa ŋku ale si wogbugbɔ kɔ Yudatɔwo ƒe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem ŋu la dzi. Gake Biblia gblɔ be Yesu va zu Nunɔla Gã na “agbadɔ [alo gbedoxɔ] si lolo wu hede blibo wu, esi wometsɔ asi tu o, si fia be menye nuwɔwɔ sia ƒe akpa aɖeke o.” (Hebritɔwo 9:11) Kristotɔwo xɔe se be kpɔɖeŋu gbedoxɔ sia va xɔ ɖe gbedoxɔ ŋutɔŋutɔ si nɔ Yerusalem la teƒe.

    •  Azã Si Woyɔna Be Rosh Hashanah. Enye Yudatɔwo ƒe ƒea ƒe ŋkeke gbãtɔ. Le blema la, wosaa vɔ tɔxɛwo na Mawu le azã sia ɖuɣi. (4 Mose 29:1-6) Ke hã Yesu Kristo si nye Mesia la va “tsi vɔsa kple nunanawo nu,” esia wɔe be asixɔxɔ megale wo ŋu le Mawu ŋkume o.—Daniel 9:26, 27.

  •   Ðe azãɖuɖua na ame ƒoa eɖokui ɖe xɔsetsakatsaka nuwɔnawo mea?

     Biblia ƒe mɔfiame: “Kadodo kae le xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔ dome? Eye ɖekawɔwɔ kae le Mawu ƒe gbedoxɔ kple trɔ̃wo dome?”—2 Korintotɔwo 6:15-17.

     Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoanɔ anyi le ŋutifafa me kple ame bubuwo, eye wolɔ̃ ɖe edzi hã be ame sia ame ŋutɔe atia nu si dzi wòdi be yeaxɔ se, eye wodea bubu tiatia si amewo wɔ ŋu, ke hã woƒoa asa na azã ɖuɖu siwo doa xɔsetsakatsaka ɖe ŋgɔ. Esia ƒe ɖewoe nye:

     Azã siwo woɖuna tsɔ ɖoa ŋku ame kɔkɔewo dzi alo esiwo biana be subɔsubɔha vovovowo naƒo ƒu. Esi Mawu kplɔ blema Israelviwo yina anyigba yeye si dzi nɔlawo subɔa mawu bubuwo dzi la, egblɔ na wo be: “Mègabla nu kple woawo ŋutɔwo loo alo woƒe mawuwo o. . . . Ne èsubɔ woƒe mawuwo la, azu mɔ̃ aɖe wò.” (2 Mose 23:32, 33) Eya ta Yehowa Ðasefowo meɖua azã siwo gbɔna la o.

    •  Azã Si Nye Loy Krathong. Le Thaitɔwo ƒe azã sia ɖuɣi la, “amewo tsɔa aŋgbawo wɔa agbawo, eye wosia bosomikaɖi alo lifiwo dea wo me, eye wotsɔa wo dana ɖe tsi ŋgɔ. Wosusui be aŋgbagba mawo tsɔa yewoƒe dzɔgbevɔ̃ewo dzonae. Woɖua azã sia tsɔ ɖoa ŋku kpɔɖeŋu si Buddha ɖo la dzi.”—Encyclopedia of Buddhism

    •  Dukɔa Ƒe Dzimetrɔgbe Ƒe Azã. Dziɖuɖumegã aɖe gblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The National si wotana le Papua New Guinea me be ame siwo ɖua azã sia la “lɔ̃ ɖe Kristotɔwo ƒe nufiafiawo dzi.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “azã sia ɖuɖu doa Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo ɖe ŋgɔ le dukɔa me.”

    •  Azã Si Nye Vesak. “Azã siae nye ŋkeke kɔkɔetɔ kekeake le Buddhatɔwo ƒe ŋkeke kɔkɔewo dome, eye woɖuna Buddha ƒe dzigbe, eƒe nufiafiawo, eƒe ku kple eƒe Nirvana ɖoɖo le azã sia ɖuɣi.”—Holidays, Festivals, and Celebrations of the World Dictionary

      Azã Si Nye Vesak

     Azãɖuɖu siwo wotu ɖe subɔsubɔ kɔnu siwo mele Biblia me o la dzi. Yesu gblɔ na susubɔhakplɔlawo be: “Miena Mawu ƒe nya la zu dzodzro le miaƒe kɔnyinyiwo ta.” Egblɔ na wo hã be woƒe subɔsubɔ nye dzodzro elabena “amegbetɔwo ƒe sededewoe wofiana.” (Mateo 15:6, 9) Esi Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi ta la, subɔsubɔzã geɖewo li siwo womeɖuna o.

    •  Epifani (Fia etɔ̃ ƒe ŋkeke, Timkat, alo Los Reyes Magos). Woɖua azã sia tsɔ ɖoa ŋku ɣletivimefakala siwo va sra Yesu kpɔ dzi, alo tsɔ ɖoa ŋku Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ dzi. “Trɔ̃subɔlawo ƒe azã aɖewo siwo woɖuna tsɔ dea bubu tsisisiwo kple tɔsisiwo ƒe mawu ŋu ƒe kɔnuwoe wode Kristotɔwo ƒe azã sia si nye Epifani la me.” (The Christmas Encyclopedia) Azã si nye Timkat si do ƒome kplii hã “dzɔ tso amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo me.”—Encyclopedia of Society and Culture in the Ancient World.

    •  Ðetugbui Leaƒe Maria Kpɔkplɔyi Dziƒo Ƒe Azã. Amewo ɖua azã sia le esi woxɔe se be Yesu Dada Maria yi dziƒo le ŋutilã me ta. Agbalẽ aɖe si nye Religion and Society—Encyclopedia of Fundamentalism gblɔ be, “Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ anyi le blema la menya naneke tso dzixɔse sia ŋu o, eye Biblia meƒo nu tso eŋu hã o.”

    •  Azã si wotu ɖe dzixɔse si nye be wofɔ Maria ƒe fu nuvɔ̃ manɔmee dzi. “Biblia mefia nu tso dzixɔse si nye be wofɔ Yesu dada Maria ƒe fu nuvɔ̃ manɔmee la ŋu o. Sɔliha lae to nufifia sia vɛ.”—New Catholic Encyclopedia.

    •  Afi Kuɖa Kple Easter Ƒe Nutsitsidɔ Ƒe Azã. Agbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia gblɔ be, woɖo nuvɔmeʋuʋu kple nutsitsidɔ ƒe azã sia anyi le “ƒe alafa enelia me,” esi woŋlɔ Biblia bliboa vɔ ƒe 200 megbe. Agbalẽa yi edzi gblɔ be: “Le azã la ƒe gɔmedzedze, si nye Afi Kuɖa ŋkekea dzi la, Katolikoha ƒe nununɔlawo tsɔa dzofi taa atitsoga ƒe dzesi ɖe ŋgonu na woƒe hameviwo. Esia ɖoa ŋku edzi na wo be woatrɔ dzi me. Katoliko Sɔliha la dze subɔsubɔkɔnu sia gɔme tso ƒe 1091 me.”

    •  Azã si nye Meskel (alo Maskal). Agbalẽ si nye Encyclopedia of Society and Culture in the Medieval World gblɔ be, Etiopiatɔwo ɖua azã sia tsɔ dea dzesi “ɣeyiɣi si me woke ɖe atitsoga si ŋu Yesu ku ɖo la ŋu, eye woɖua ɣe ƒoa xlã dzo gãwo.” Ke hã, Yehowa Ðasefowo mezãa atitsoga le woƒe subɔsubɔwɔnawo me o.

  •   Ðe woɖua azãa tsɔ doa ame aɖe, habɔbɔ aɖe alo dukɔ aɖe ƒe dzesi ɖe dzia?

     Biblia ƒe mɔfiame: “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Aɖi ŋutsu si ɖoa ŋu ɖe amegbetɔ dzro ŋu, eye wòɖoa dzi ɖe amegbetɔ ƒe ŋusẽ ŋu, eye eƒe dzi te ɖa xaa tso Yehowa gbɔ la, ŋu kpékpekpe.”—Yeremiya 17:5.

     Togbɔ be Yehowa Ðasefowo lɔ̃a amewo eye wodoa gbe ɖa ɖe wo ta hã la, womeɖua azã siwo gbɔna la o:

     Azã siwo dea bubu kplɔla alo ame xɔŋkɔ aɖe ŋu. Biblia gblɔ be: “Midzudzɔ ŋuɖoɖo ɖe amegbetɔ gbɔlo, si nye gbɔgbɔ dzro le eƒe ŋɔti me la ŋu, ne eme nanyo na mi. Nu ka ta gɔ̃ woabu eya amea ŋu?” (Yesaya 2:22) Esia ta Yehowa Ðasefowo meɖua fiawo alo ame xɔŋkɔwo ƒe dzigbezã o.

     Azã siwo woɖuna na dukɔa ƒe aflaga. Yehowa Ðasefowo meɖua Aflaga Ƒe Ŋkeke Zã o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, Biblia gblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.” (1 Yohanes 5:21) Egbea, ame aɖewo mebua aflaga be enye subɔsubɔ dzesi alo legba o, gake ŋutinyaŋlɔla Carlton J. H. Hayes gblɔ be: “Nu si ɖea dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ fiana ye nye aflaga, eye eyae nye nu vevitɔ si wodea ta agu na.”

     Azã siwo woɖuna tsɔ dea bubu ame kɔkɔewo ŋu. Nu kae Apostolo Petro wɔ esi mawuvɔ̃la aɖe bɔbɔ be yeade ta agu nɛ? Biblia gblɔ be: “Petro lée wòtso, eye wògblɔ nɛ be: “Tsi tre; nye hã amegbetɔ ko menye.” (Dɔwɔwɔwo 10:25, 26) Esi Petro alo apostolo bubuawo meɖe mɔ be amewo nade bubu tɔxɛ yewo ŋu o ta la, Yehowa Ðasefowo meɖua azã siwo wotsɔ dea bubu ame kɔkɔewo ŋu abe esiwo gbɔna la ene o.

    •  Ame Kɔkɔewo Ƒe Ŋkeke. “Woɖua azã sia tsɔ dea bubu ame kɔkɔewo ŋu . . . Womenya afi si azã sia dzɔ tso o.”—New Catholic Encyclopedia.

    •  Azã Si Woɖuna Tsɔ Dea Dzesi Ŋkeke Si Wobe Maria Kɔkɔe Dze Le Guadalupe. Amewo ɖua azã sia tsɔ dea bubu ame si woxɔ se be enye “Nyɔnu kɔkɔe si kpɔa Mexico dukɔa ta” la ŋu, eye ame aɖewo xɔe se hã be eyae nye Maria Yesu dada. Wogblɔ be eɖe eɖokui fia agbledela aɖe nukutɔe le ƒe 1531 me.—The Greenwood Encyclopedia of Latino Literature.

      Azã Si Woɖuna Tsɔ Dea Dzesi Ŋkeke Si Wobe Maria Kɔkɔe Dze Le Guadalupe

    •  Ŋkɔtsɔgbezã. Agbalẽ si nye Celebrating Life Customs Around the World—From Baby Showers to Funerals gblɔ be: “Enye wɔna si me woɖua azã na ame kɔkɔe aɖe ƒe ŋkɔ si wotsɔ na ame le eƒe nyɔnyrɔxɔgbe alo gbe si gbe wòtrɔ dzi me zu Kristotɔ.” Agbalẽa gblɔ kpee be, “amewo wɔa subɔsubɔkɔnuwo le ŋkeke sia dzi.”

     Azãɖuɖu Siwo Do Ka Kple Dunyahehe Alo Hadomenuwɔnawo. Biblia gblɔ be: “Enyo be woasi Yehowa atso wu be woaɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ŋu.” (Psalmo 118:8, 9) Eya ta Yehowa Ðasefowo meɖua azã siwo do ka kple dunyahehe alo hadomenuwɔnawo, si ƒe ɖewoe nye Sɔhɛwo Ƒe Ŋkeke alo Nyɔnuwo Ƒe Ŋkeke o, elabe wodi be yewoaɖee afia be yewoɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be eyae akpɔ xexea ƒe kuxiwo gbɔ ke menye amegbetɔwo o. Susu sia ke tae womeɖua Kluviwo Ƒe Ablɔɖe Ŋkeke alo azã bubu siawo tɔgbi o. Ke boŋ wokpɔa mɔ na Mawu Fiaɖuƒea be eyae akpɔ vovototodedeameme ƒe kuxiwo gbɔ.—Romatɔwo 2:11; 8:21.

  •   Ðe azãɖuɖua doa dukɔ aɖe me tɔwo alo to aɖe me tɔwo ɖe ŋgɔ be wonyo wu bubuwoa?

     Biblia ƒe mɔfiame: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

     Togbɔ be Yehowa Ðasefowo lɔ̃ wo denyigba alo afi si wotso hã la, womeɖua azã siwo doa dukɔ alo to aɖe me tɔwo ɖe ŋgɔ be wonyo wu bubuwo o. Azã siawo ƒe ɖewoe nye esiwo gbɔna.

     Azã siwo dea bubu asrafowo ŋu. Yesu medo aʋawɔwɔ ɖe ŋgɔ o ke boŋ egblɔ na eyomedzelawo be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.” (Mateo 5:44) Eya ta Yehowa Ðasefowo meɖua azã siwo dea bubu asrafowo ŋu o, esiawo dometɔ aɖewoe nye esi gbɔna:

    •  Anzac Ŋkeke. “Wozãa ŋkɔ Anzac na Australia kple New Zealandtɔwo Ƒe Asrafohawo,” eye “vivivi la wova ɖua Anzac Ŋkekea tsɔ ɖoa ŋku ame siwo wowu le aʋagbedzi la dzi.”—Historical Dictionary of Australia.

    •  Asrafo siwo xɔ dzudzɔ ƒe ŋkeke (Ŋkuɖodzigbe alo Ŋkuɖodzi ƒe Kwasiɖa). Woɖua azã sia tsɔ ɖoa ŋku “asrafo siwo xɔ dzudzɔ kple esiwo wowu le dukɔa ƒe aʋawo me la dzi.”—Encyclopædia Britannica.

     Dukɔa ƒe ŋutinya alo ɖokuisinɔnɔ xɔxɔ ƒe azãwo. Yesu gblɔ tso eyomedzelawo ŋu be: “Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o ene.” (Yohanes 17:16) Togbɔ be Yehowa Ðasefowo dina be yewoasrɔ̃ nu tso dukɔ siwo me yewole ƒe ŋutinya ŋu hã la, womeɖua azã siwo gbɔna o:

    •  Australia Ƒe Ŋkeke. Agbalẽ si nye Worldmark Encyclopedia of Cultures and Daily Life gblɔ be, woɖua azã sia tsɔ ɖoa ŋku “nu si dzɔ le ƒe 1788 me dzi, esime Eŋlisiawo ƒe asrafowo tsɔ woƒe aflaga dzi eye woɖe gbeƒãe be yewoxɔ Australia wòva le yewoƒe dziɖuɖu te.”

    •  Guy Fawkes ƒe Ŋkekezã. “Woɖua azã sia tsɔ ɖoa ŋku gbe si gbe Guy Fawkes kple Katolikohametɔ aɖewo ɖo nugbe eye wote kpɔ be yewoawu King James I kple England dukɔa ƒe dziɖulawo gake me dze edzi o la dzi.”—A Dictionary of English Folklore

    •  Dukɔ Ƒe Ðokuisinɔnɔ Ƒe Azã. Le dukɔ geɖe me la, “woɖua azã sia tsɔ ɖoa ŋku ŋkeke si dzi dukɔa do le wo dziɖulawo ƒe dziɖuɖu te eye woxɔ ɖokuisinɔnɔ.”—Merriam-Webster’s Unabridged Dictionary.

  •   Ðe azãɖuɖua doa agbe gbegblẽ nɔnɔ ɖe ŋgɔa?

     Biblia ƒe mɔfiame: “Ɣeyiɣi si va yi la sɔ gbɔ be miewɔ dukɔwo ƒe lɔlɔ̃nu, esi mieƒo mia ɖokui ɖe ŋukpenanuwɔwɔ, dzodzro vɔ̃wo dzi maɖumaɖu, aha tsu nonowo, aglotutu siwo gbɔ eme, hoʋiʋli le ahanono me kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ me.”—1 Petro 4:3.

     Le Bliblia me mɔfiame sia ta la, Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le azã siwo me amewo noa aha muna le la me o. Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoaƒo ƒu kple xɔlɔ̃wo ɖekae, eye ne ehĩa la, wonoa aha sesẽwo le ŋuɖɔɖo me. Wodzea agbagba wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Ne miele nu ɖum alo le nu nom alo le nu bubu aɖe wɔm la, miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.”—1 Korintotɔwo 10:31.

     Eya ta Yehowa Ðasefowo meɖua azã siwo doa agbenɔnɔ siwo Biblia tsri ɖe ŋgɔ la o. Azã siawo dometɔ ɖekae nye Yudatɔwo ƒe azã si nye Purim. Agbalẽ si nye Essential Judaism gblɔ be, togbɔ be woɖua Purim le blema tsɔ ɖoa ŋku Yudatɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ƒe 500 D.Y me dzi hã la, edze ƒãa be fifia la, “azã sia va zu Yudatɔwo ƒe Mardi Gras zã si woɖuna. Azã sia ɖulawo dometɔ geɖe siwo nye ŋutsuwo la doa nyɔnuwo ƒe awu, wonɔa agbe gbegblẽ, noa ahatsu eye wonɔa ɣli dom nɔa yiyim.”

 Ðe Yehowa Ðasefowo lɔ̃a woƒe ƒometɔ siwo ɖua azã siwo woawo ŋutɔwo meɖuna oa?

 Ɛ̃. Biblia fia nu be míalɔ̃ míaƒe ƒometɔwo, ne woƒe dzixɔsewo to vovo na mía tɔ gɔ hã. (1 Petro 3:1, 2, 7) Le nyateƒe me la, ne Yehowa Ðasefowo dzudzɔ azã aɖewo ɖuɖu la, esia ate ŋu agba dzi na woƒe ƒometɔ aɖewo, eye woado dziku vevie alo woase le wo ɖokuiwo me be wogble yewoɖi. Eya ta Yehowa Ðasefo geɖewo dzea agbagba kana ɖe edzi na woƒe ƒometɔwo be yewolɔ̃ wo, eye woɖea susu siwo tae wotiae be yewomaɖu azã aɖe o la me na wo ŋuɖɔɖotɔe, eye be yewoate ŋu awɔ ɖeka kple wo le ɣebubuɣiwo.

 Ðe Yehowa Ðasefowo dea se ɖe azã aɖewo ɖuɖu ŋu na amewoa?

 Ao. Yehowa Ðasefowo xɔe se be ame sia ame ŋutɔe awɔ eƒe tiatia. (Yosua 24:15) Wodea bubu “ame ƒomeviwo katã” ŋu, nu ka ke dzi woxɔ se o gɔ̃ hã.—1 Petro 2:17.

a Nyati sia meƒo nu tso ŋkekenyui kple azã siwo katã Yehowa Ðasefowo meɖuna o la ŋu o, eye womeyɔ Biblia me mɔfiame siwo katã ƒo nu tso azã siawo ŋu hã o.

b Mithra, Mithraism, Christmas Day & Yalda, si K. E. Eduljee ta, axa 31-33.