Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Biblia Sɔsrɔ̃ Le Vi Ðem Na Tokunɔwo”

“Biblia Sɔsrɔ̃ Le Vi Ðem Na Tokunɔwo”

“Biblia Sɔsrɔ̃ Le Vi Ðem Na Tokunɔwo”

ESIAE nye nyati aɖe si wota ɖe tokunɔwo ƒe agbalẽ aɖe me le Czech Republic la ƒe tanya. Nyatia ŋlɔla, si nye Zdeněk Straka, kafu Yehowa Ðasefo siwo srɔ̃ tokunɔgbe ale be woakpe ɖe tokunɔwo ŋu.

Nu kae ʋã Aƒetɔ Straka wòŋlɔ nyati sia? Ede takpekpe aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ le Prague le ƒe 2006 ƒe dzomeŋɔli, eye woɖe nuƒoawo gɔme ɖe tokunɔgbe me na vavala 70 siwo nye tokunɔwo. Yehowa Ðasefowo wɔa takpekpe le xexea me godoo ƒe sia ƒe be woasrɔ̃ nu tso Biblia me ahade ha kple wo nɔewo. Womeɖe tokunɔwo le eme o. Nyitsɔ laa la, wowɔ takpekpe siawo dometɔ 96 le tokunɔgbe me le xexea me godoo, eye woɖe nuƒoawo gɔme na tokunɔwo le takpekpe 95 bubuwo me.

Tokunɔgbe hame si le Prague dua me la me tɔwo srɔ̃a Biblia kple tokunɔ 30 esime wowɔ takpekpea le du ma me. Nu si amewo srɔ̃na tso Biblia me la ɖea vi na wo, abe ale si nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna la ɖee fiae ene.

Markéta yina ɖasrɔ̃a Biblia kple nyɔnu aɖe si tso Mongolia, eye wònye tokunɔ la, le teƒe si didi kilometa 100 kple edzivɔ. Tokunɔgbe si wodona le Czechoslovakia la to vovo sãa na esi wodona le Mongolia, eya ta ehiã be Markéta nadze agbagba vevie hafi nusrɔ̃via nate ŋu ase nusɔsrɔ̃a gɔme. Gake mewɔ dɔ vlo o. Esi eƒe nusrɔ̃via fɔ via evelia ƒe fu la, eɖoe be yeaɖe fua, gake eva trɔ susu. Markéta gblɔ be: “Esi mebiae be nu ka tae wòtrɔ susu hã la, eɖo eŋu nam le tokunɔgbe me be: ‘Yehowa medina be woaɖe fu o.’ Edzɔ dzi nam be ese ale si Mawu bua agbee la gɔme!” *

Tokunɔ gbogbo aɖewo le Mawu ƒe Nya la srɔ̃m le xexea me godoo, ale be woava nya ame si tututu Mawu nye. Esia kpena ɖe wo ŋu be woƒe agbenɔnɔ va nyona ɖe edzi, elabena woa kple woƒe Mawu dome va nɔa kplikplikpli wu, eye wokpɔa dzidzɔ geɖe wu le agbe me.—Yesaya 48:17, 18.—g10-E 07.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Ne èdi be yeanya nu si Biblia fia tso fuɖeɖe ŋu la, kpɔ July-September 2009 ƒe Nyɔ! (yevugbe me tɔ, June 2009) ƒe axa 3-9.

[Aɖaka si le axa 10, 11]

ÈNYAA?

● Yehowa Ðasefowo wɔ DVD ɖe tokunɔgbe 43 me. Woate ŋu awɔ woƒe kɔpi le Internet dzi le nyatakakadzraɖoƒe si nye www.ps8318.com.

● Yehowa Ðasefowo ɖea woƒe agbalẽwo gɔme ɖe tokunɔgbe 59 me le xexea me godoo, ale be agbalẽ geɖe nanɔ tokunɔgbe me.

● Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le xexea me godoo la dometɔ 1,200 sɔŋ nye tokunɔgbe hamewo.

[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 10]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

www.ps8318.com