Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Siwo Amewo Lɔ̃a Biabia

Nya Siwo Amewo Lɔ̃a Biabia

Nya Siwo Amewo Lɔ̃a Biabia

Nu ka tae ame aɖewo gblẽa Yehowa Ðasefowo ŋu?

Nya la koe nye be, ame geɖe menya ame siwo tututu wonye o. Nya nyui gbɔgblɔ dɔ si Ðasefowo wɔna hã medzɔa dzi na ame aɖewo o. Gake nya lae nye be, esi Ðasefowo lɔ̃ wo haviwo tae woɖea gbeƒã ɖo, elabena wonyae be “ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.”—Romatɔwo 10:13.

Protestanttɔwoe Yehowa Ðasefowo nyea, blemakɔnuwo mee wodina be yewoalé ɖe asia, alo kɔmama aɖee wonye?

Kristotɔwoe Yehowa Ðasefowo nye, gake womenye Protestanttɔwo o, abe ale si ko womenye Katolikotɔwo o ene, elabena wokpɔe dze sii be subɔsubɔha mawo ƒe nufiafia aɖewo mesɔ kple nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia mefia nu be Mawu wɔa fu amewo le dzomavɔ aɖeke me o, elabena eyae nye ame si lɔ̃a ame wu. Eye mefia nu hã be luʋɔ le amegbetɔ me, si mekuna o, alo be ele be Kristotɔwo nahe dunya o.—Xezekiel 18:4; Yohanes 15:19; 17:14; Romatɔwo 6:23. *

Numekugbalẽ aɖe (The World Book Encyclopedia) gblɔ be: “Ame siwo léa blemakɔnuwo me ɖe asi la sɔ gbɔ ɖe Protestanttɔwo dome le Amerika.” Habɔbɔ siwo me tɔwo léa blemakɔnuwo me ɖe asi la “sea Biblia me nyawo gɔme abe ale si ko woŋlɔ wo ɖii ene, si na woɖo woawo ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo anyi le hadomenuwɔnawo kple dunyahenyawo ŋu.” Nuwɔna ma mesɔ kple Yehowa Ðasefowo tɔ o. Abe ale si míegblɔe ene la, Yehowa Ðasefowo mehea dunya o, eye wometoa dunyahehe alo mɔ bubu aɖeke dzi zia woƒe susu ɖe ame dzi o. Ke boŋ zi geɖe la, woɖoa dze kple amewo ɖekaɖeka, ɖea susu kpli wo hedzroa nu me kpli wo be woawo ŋutɔwo nakpɔ kpeɖodzi le wo ŋu, abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene.—Dɔwɔwɔwo 19:8.

Nu si woyɔna be kɔmamae nye ƒuƒoƒo si woɖo ɖe subɔsubɔha aɖe me, alo ƒuƒoƒo si ɖe eɖokui ɖa le subɔsubɔha si me wonɔ tsã ŋu heva ɖo subɔsubɔha bubu. Yehowa Ðasefowo ƒe ha medzɔ tso subɔsubɔha aɖeke me o. Eya ta menye kɔmamae wonye o.

Aleke Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe kpekpewoe?

Biblia koŋue wosrɔ̃na le woƒe kpekpewo, eye zi geɖe la, woɖea mɔ na nyaselawo woƒoa nu. Ame sia ame ate ŋu ade woƒe kpekpeawo faa. Kpekpe siwo wowɔna le kwasiɖaa me la dometɔ ɖekae nye esi woyɔna be Teokrasi Subɔsubɔ Suku, eye ekpena ɖe hamea me tɔwo ŋu be woabi ɖe nufiafia, nuxexlẽ kple numekuku me. Wowɔa kpekpe bubu hã, si xɔa miniti 30, eye wònyea Biblia me nuƒo ku ɖe nyati aɖe si ado dzidzɔ na ame siwo menye Ðasefowo o ŋu. Zi geɖe la, wosrɔ̃a Gbetakpɔxɔ si me nyawo wotu ɖe Biblia dzi le kpekpe sia megbe. Wodzea woƒe kpekpeawo gɔme kple hadzidzi kpakple gbedodoɖa, eye womedzɔa ga alo tsɔa agba tsanɛ be woadzɔ nu ade eme o.—2 Korintotɔwo 8:12.

Afi kae Yehowa Ðasefowo kpɔa ga tsona wɔa woƒe dɔwo?

Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe nana wokpɔa ga si hiã. Yehowa Ðasefowo mexɔa ga ɖe amewo nyɔnyrɔ, srɔ̃ɖeɖe, kunuwɔwɔ alo subɔsubɔwɔna bubu aɖeke ta o. Eye womedzɔa nuwo ƒe ewolia hã o. Ame siwo di be yewoadzɔ nu la ate ŋu atsɔe ade nudzɔɖaka siwo nɔa woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me la me. Yehowa Ðasefowo ŋutɔe taa Biblia srɔ̃gbalẽ siwo wozãna, si wɔe be woɖea gazazã dzi kpɔtɔna, eye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo koŋue tua woƒe Fiaɖuƒe Akpata kple alɔdzedɔwɔƒe, siwo womedoa atsyã na fũu akpa o la.

Ðe Yehowa Ðasefowo yia kɔ dzi ne wodze dɔa?

Ɛ̃, woyia kɔ dzi. Dɔdamɔnu nyuitɔ hãe wodina na woa ŋutɔwo kple woƒe ame veviwo. Azɔ hã, Ðasefo geɖe nye dɔnɔdzikpɔlawo, atikewɔlawo, ɖɔktawo kple amekolawo. Gake Yehowa Ðasefowo melɔ̃na be woado ʋu na yewo o. Biblia gblɔ be: ‘Mitsri ʋu.’ (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Mènya o ɖe, ɖɔkta geɖe va le lɔlɔ̃m ɖe edzi fifia be, atikewɔwɔ na ame ʋumazamazãe la “nyo wu,” elabena ewɔnɛ be woƒoa asa na dɔ bubu geɖe siwo ʋudodo hena vanɛ na dɔnɔwo. g10-E 08

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Àte ŋu axlẽ nu si tututu Biblia gblɔ le nya siawo kple nya vevi bubu geɖewo ŋu la le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 25]

Womezia Ame Aɖeke Dzi O

Bejucal de Ocampo du si le Mexico ƒe anyiehe la mele abe du bubuwo ene o. Nu ka tae? Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Excélsior) ɖe eme be: “Yehowa Ðasefowoe sɔ gbɔ ɖe du ma me wu. Egblɔ kpee be: “Esia wɔe be woɖe mɔ na ame sia ame be wòatia ha si me wòanɔ, eye dziɖuɖua hã mezia ame dzi o. . . . Dua me nɔlawo tsɔ hadzidzi kple Biblia xexlẽ ɖɔ li aha tsu nono kple sigarɛtnono si nye dɔ na wo tsã. Wodea bubu ŋusẽtɔwo ŋu hã.”

Nyatakakaa gblɔ be, togbɔ be subɔsubɔha vovovowoe le dua me hã la, “subɔsubɔhawo dome dzre alo nyaʋiʋli aɖeke medo mo ɖa kpɔ o.” Egblɔ hã be: “Fuléle aɖeke mele du ma me o, eye aƒelikawo megbea gbedodo na wo nɔewo le esi wole ha bubu me ta o . . . Ƒome ɖe sia ɖe dea eƒe subɔsubɔha dzi, gake esia megblẽ ŋutifafa si le wo dome la me o. Menye nu wɔmoyaa na ame aɖeke be Yehowa Ðasefowoe sɔ gbɔ le Bejucal wu o.” Azɔ hã, sekɛndrisuku (lycée) nufiala aɖe si menye Ðasefo o le du ma me la gblɔ be wo viwo ‘dzrana ɖo nyuie, wɔa dɔ nyuie le suku, eye wonɔa agbe nyui hã.’