Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Ga Vi Aɖe Koe Le Mia Si

Ne Ga Vi Aɖe Koe Le Mia Si

Ne Ga Vi Aɖe Koe Le Mia Si

EHIÃ ɖoɖo nyui wɔwɔ ne ga megava sɔ gbɔ ɖe ame si o. Yesu ɖee fia be esia hiã nyateƒe. Ebia be: “Mia dometɔ kae li, eye ne ele didim be yeatu xɔ kɔkɔ aɖe la, manɔ anyi ahabu eŋu kɔnta gbã, akpɔ ɖa ne nu sɔ gbɔ ɖe esi be wòawu enu oa?” (Luka 14:28, 29) Àte ŋu azã gɔmeɖose ma ne èbua ale si miawɔ anɔ agbe ɖe ga vi si le mia si nu la ‘ŋu kɔnta’ hewɔ ɖoɖo ɖe ga ŋu. Aleke nàwɔe? Te mɔnu sia kpɔ:

Ne èxɔ fetu gbɔ va aƒe me la, mae ɖe nu vovovo siwo gbɔ wòhiã be nàkpɔ fifia alo le etsɔ me la nu. (Kpɔ aɖaka si le axa 8.) Ne èwɔ ɖoɖo ɖe ale si nàzã ga ŋu la, ekema ànya nu si nètsɔ gaa le wɔwɔmee kple ga si nèzãna ɖe nu siwo mehiã vevie o ŋu. Esia akpe ɖe ŋuwò nànya nu siwo ŋu nàtrɔ asi le.

Be nàwɔ ɖoɖo ɖe ga ŋu wòaɖe vi na wò la, wɔ aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi.

Nya Ɣeyiɣi Si Nàƒle Nu

Esi dɔ ge le Raúl si la, srɔ̃a, Bertha, hã trɔ asi le ale si wòƒlea nui ŋu. Egblɔ be: “Media teƒe siwo nuwo ƒe asi ɖiɖi le, kple nu kpotokpotoe dzraƒe siwo wotsɔa nu si ame ƒle la ƒe ɖewo nana femaxee le.” Susu bubu aɖewo hãe nye esi:

Mibu nu siwo le mia si la ŋu hafi awɔ ɖoɖo ɖe nu siwo miaɖa le kwasiɖaa me ŋu.

● Ƒle nu siwo ŋu wò ŋutɔ nàte ŋu atrɔ asi le ahaɖa wu be nàƒle gometɔwo.

● Ne nanewo bɔ wole dzadzram la, ƒle agbɔsɔsɔme aɖe da ɖi.

● Ƒle nua wòasɔ gbɔ zi ɖeka, gake kpɔ nyuie be nàgali kɔe ɖi akpa wòava gblẽ o.

● Ƒle abloniwu nyuiwo ne nàgagblẽ ga geɖe ɖe nudodowo ƒeƒle ŋu o.

● Ðo ʋu yi afi si nuwo ɖina le wu, ne ʋuɖoɖoa magblẽ ga o.

● Mèganɔ nu ƒlem edziedzi o. *

Ŋlɔe Ði

Dɔnyo gblɔ be: “Ele be míawɔ ɖoɖo ɖe ga ŋu, eya ta meŋlɔ nu siwo gbɔ wòhiã be míakpɔ fifia kple ga si ava hiã le ɣletia me la ɖi.” Srɔ̃a Akɔfa gblɔ kpee be: “Menya ho neni si tututu wòle be mazã le asi me. Ɣeaɖewoɣi ne ehiã be maƒle nane na ɖeviawo alo nane si míazã le aƒea me la, mebua nu siwo ŋu míewɔ ɖoɖo ɖo la ŋu hegblɔna be: ‘Nyemate ŋu aƒlee fifia o, eya ta ele be míalala ava ƒlee le ɣleti si gbɔna me.’ Ale si meŋlɔe ɖii lae kpe ɖe ŋunye!”

Bu Nu Si Nèdi Be Yeaƒle Ŋu Gbã

Nezu numame na wò be hafi nàƒle nane la, nàbia ɖokuiwò gbã be: ‘Ðe nu sia hiãm nyateƒea? Ðe nu si teƒe mebe maƒlee ɖo la meganyo na zazã o nyateƒea, alo nu yeye ƒeƒle koe dzrom?’ Ne ƒãa hafi nèle nua zã ge la, ɖe wòanyo boŋ be nàxɔ ɖe le ame aɖe gbɔ azãa? Alo ne èɖoe be yeanɔ ezãm edziedzi la, ɖe esi wozã kpɔtɔ hã mate ŋu awɔ dɔa oa?

Togbɔ be nu siawo dometɔ aɖewo wɔwɔ aɖi nu tsɛ hã la, ne ètsɔ wo katã ƒo ƒu la, àkpɔe be aɖe vi ŋutɔ! Nya lae nye be, ne ènya gazazã le nu suewo me la, ewɔwɔ ana bɔbɔe na wò le nu gãwo hã me.

Te Nanewo Kpɔ

Be nàgazã ga geɖe ɖe nu siwo mehiã akpa o ŋu o la, wò ŋutɔ te nanewo kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, Akɔfa gblɔ be: “Ʋu evee nɔ mía si, gake eteƒe medidi o míeɖe asi le ɖeka ŋu. Be míagazã gaz akpa o la, ne míetsɔ ʋu do goe la, míekpɔa nu geɖe gbɔ hafi trɔna gbɔna. Nu siwo hiã ŋutɔŋutɔ ŋu koe míezãa ga ɖo.” Nu bubu siwo hã nàte ŋu ate akpɔ la dometɔ aɖewoe nye esi:

● Tɔ abɔ, eye nàdo amagbe kple detsiƒonu aɖewo.

● Ne mɔ aɖe le asiwò la, zãe abe ale si ewɔla fia mɔe ene, ale be wòagagblẽ kaba o.

● Ne ètso dɔ me gbɔ ko la, ɖɔ li awu enumake—ana be wò awuwo mado xoxo kaba o.

Mègaɖe Ðokuiwò Ðe Aga O!

Ame siwo si dɔ ge le la dometɔ geɖe ɖea wo ɖokui ɖe aga le amewo ŋu. Mele Dɔnyo ya gbɔ nenema o! Eƒe ƒomea kple via tsitsiwo se veve kplii wònye akɔfafa nɛ. Egblɔ be: “Míekpea asi ɖe mía nɔewo ŋu ŋutɔ, eye esia na míewɔ ɖeka geɖe wu. Mí katã míese le mía ɖokui me be ele be míawɔ nane tso kuxia ŋu.”

Kristotɔ siwo Dɔnyo doa goe edziedzi le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me hã dea dzi ƒo nɛ. Egblɔ be: “Ne kpekpea wu enu la, mesena le ɖokuinye me be dzi gaɖo ƒonye. Ame sia ame tsɔ ɖe le eme nam hebua ŋunye. Woƒe kpekpeɖeŋu kple akɔfafa na míekpɔe be amewo le mía si.”—Yohanes 13:35.

Xɔse Hã Kpena Ðe Ame Ŋu

Ame miliɔn geɖe siwo si dɔ ge le la doa dziku hesena le wo ɖokui me be yewoƒe dɔtɔ trɔ yewo to eme. Raúl ƒe dzi gbã esi dɔ ge le esi kpoyi zi eve sɔŋ: zi gbãtɔ le wo de Peru, eye zi evelia le New York City. Esi wogaɖe asi le Raúl ŋu zi evelia la, eƒo nya ta be: “Kakaɖedzi mele naneke ŋu le xexea me egbea o.” Ɣleti geɖe gava yi, gake mekpɔ dɔ aɖeke o. Nu kae kpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe nɔnɔmea nu? Egblɔ be: “Mía kple Mawu dome va le kplikplikpli, eye meva kpɔe be, ne medi be manɔ dedie vavã la, ɖeko wòle be maɖo ŋu ɖe eya amea ŋu.”

Raúl nye Yehowa Ðasefo, eye ale si wòsrɔ̃a Biblia la kpe ɖe eŋu wòva xɔ edzi se vevie be ye Fofo aɖe le dziƒo, si léa be na ame, eye wòdo ŋugbe be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.” (Hebritɔwo 13:5) Nuwo menɔ bɔbɔe nɛ ya o. Egblɔ be: “Míedoa gbe ɖa na Mawu ɣesiaɣi be wòana míakpɔ nu vevi siwo hiã mí, eye nu siwo wònana mí la dzea mía ŋu.” Raúl srɔ̃, Bertha, gblɔ kpee be: “Ɣeaɖewoɣi la, nyemevona le ɖokuinye me o, elabena nyemenya ne Raúl akpɔ dɔ o. Gake míekpɔe be Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu na mí hekpɔa nu siwo hiã mí gbe sia gbe la gbɔ na mí. Mate ŋu agblɔ be togbɔ be nu geɖe megale mía si abe tsã ene o hã la, agbea va le bɔbɔe na mí wu.”

Esi Dɔnyo nye Yehowa Ðasefo ta la, ale si wòsrɔ̃a Biblia kpe ɖe eŋu wòkpɔ nɔnɔmeawo gbɔ nyuie. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, míesusuna be míaƒe dɔ, ɖoƒe si míele, alo ga si le gadzraɖoƒe na mí ye ana míanɔ dedie. Gake meva kpɔe be Yehowa Mawu ɖeka koe ate ŋu ana míanɔ dedie ŋutɔŋutɔ, eye ne míedze xɔ̃ eya amea ko hafi míase le mía ɖokui me be míele dedie ŋutɔŋutɔ.” *g10-E 07.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Numekuku aɖe ɖee fia be zi geɖe la, nu siwo amewo ƒlena la dometɔ 60 le alafa me nye esi womeɖo be yewoaƒle hafi o.

^ mm. 30 Àte ŋu akpɔ nyatakaka bubuwo le ale si nàzã ga ŋu le Gbetakpɔxɔ, si hã míetana, ƒe August 1, 2009 tɔ me, le axa 10-12.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“Míedoa gbe ɖa na Mawu ɣesiaɣi be wòana míakpɔ nu vevi siwo hiã mí, eye nu siwo wònana mí la dzea mía ŋu”

[Aɖaka/Nyaɖoɖo si le axa 8]

Ale Si Miawɔ Ðoɖo Ðe Ga Ŋu

(1) Ŋlɔ zazã vevi siwo miawɔ le ɣletia me la ɖi. Ŋlɔ ga si miazã ɖe nuɖuɖu, aƒe, dzo kple tsi, ʋu alo dzokeke, kple nu bubuwo ŋu le ɣleti bliboa me la ɖi. Ne miaxe fe aɖe zi ɖeka ƒe ɖeka la, ma fea ɖe teƒe 12, ne nànya ho neni nàɖe da ɖi ɣleti sia ɣleti.

(2) Ma zazãwo ɖe hatsotso vovovowo me. Nuɖuɖu, nudodo, aƒe, mɔzɔzɔ, kple bubuawo.

(3) Kpɔe ɖa be nenie nàzã ɖe nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu hã. Ne miaxe fe aɖe zi ɖeka ƒe ɖeka la, ‘bu akɔnta’ nàkpɔe ɖa be nenie nàɖe da ɖi ɣleti sia ɣleti hã.

(4) Miŋlɔ ga si aƒea me tɔwo katã tsɔna vanɛ ɣleti sia ɣleti la ɖi. Miɖe ga si miatsɔ axe adzɔ la da ɖi. Mitsɔ ga susɔea sɔ kple zazãwo kpɔ.

(5) Miɖo ga home si miazã ɖe nuawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ kpɔkpɔ ŋu la ɖi. Mɔ bɔbɔe aɖee nye be miaɖo agbalẽkotoku (envelope) ɖe ɖe sia ɖe ŋu. Eye tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, mitsɔ ga si hiã na nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe la de eƒe agbalẽkotokua me.

Nɔ Ŋudzɔ: Ne ehiã be nàƒle nane agbana la, nya eƒeƒle! Ame geɖe ƒe ɖoɖo si wowɔ ɖe ga ŋu la me gblẽ, elabena agbanaa va glo!

[Nyaɖoɖo]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Ga Si Vana Le Ɣletia Me

ƔLETIKUKUIGA GH¢ (CFA)․․․․․ GA BUBUWO GH¢ (CFA)․․․․․

FETU SI AƑEA ME TƆ

BUBUWO XƆNA GH¢ (CFA)․․․․․ YE KATÃ

GH¢ (CFA)․․․․․

Ga Si Míeka Ga Si Míezã

Ɣleti Sia Ɣleti Ɣleti Sia Ɣleti

GH¢ (CFA)․․․․․ Xɔfetu GH¢ (CFA)․․․․․

GH¢ (CFA)․․․․․ Adzɔ GH¢ (CFA)․․․․․

GH¢ (CFA)․․․․․ Dzofe Kple Bubuawo GH¢ (CFA)․․․․․

GH¢ (CFA)․․․․․ Ʋu Alo Dzokeke GH¢ (CFA)․․․․․

GH¢ (CFA)․․․․․ Modzakaɖeɖe/Mɔzɔzɔ GH¢ (CFA)․․․․․

GH¢ (CFA)․․․․․ Telefon GH¢ (CFA)․․․․․

GH¢ (CFA)․․․․․ Nuɖuɖu GH¢ (CFA)․․․․․

GH¢ (CFA)․․․․․ Zazã Bubuwo GH¢ (CFA)․․․․․

YE KATÃ YE KATÃ

GH¢ (CFA)․․․․․ GH¢ (CFA)․․․․․

Ga Si Vana Kple Zazãwo

ZAZÃWO KATÃ GH¢ (CFA)․․․․․

ÐEE LE ESI SUSƆ

GAWO KATÃ ME GH¢ (CFA)․․․․․ GH¢ (CFA)․․․․․