Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI BIBLIA GBLƆ

Subɔsubɔha

Subɔsubɔha

Nu ka tae subɔsubɔhawo bɔ alea?

“Mieɖe asi le Mawu ƒe se la ŋu, gake mielé fɔ ɖe amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ya ŋu vevie.”Marko 7:8.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawusɔbɔsubɔ ƒe didi le amewo me eye woate ŋu aɖi kɔ na didi sia ne wosubɔ Mawu. (Mateo 5:3) Esi amewo le agbagba dzem be yewoaɖi kɔ na didi sia ta la, woɖo subɔsubɔha geɖewo anyi. Wotu subɔsubɔha siawo ɖe amegbetɔwo ƒe susuwo dzi ke menye Mawu ƒe susuwo dzi o.

Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ tso subɔsubɔha aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la me tɔwo ŋu be: “Dzo le wo me ɖe Mawu ŋu; gake menye le sidzedze vavãtɔ nu o; elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, ke boŋ wole didim be yewoaɖo yewo ŋutɔ tɔ anyi ta la, womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.” (Romatɔwo 10:2, 3) Nenema kee, egbea hã subɔsubɔha gbogbo aɖewo li siwo fiaa “amegbetɔwo ƒe sededewo.”Marko 7:7.

 Ðe wòhiã kokoko be nànɔ subɔsubɔha aɖe mea?

‘Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi o.’—Hebritɔwo 10:24, 25.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Hebritɔwo 10:25 zã nya siwo nye ‘míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi o.’ Nya mawo fia be Mawu di be amewo naƒo ƒu ɖekae ade ta agu le ɖoɖo nu. Gake ɖe wòfia be ame sia ame ŋutɔ nase ame si Mawu nye kple nu si wòdi tso mía si gɔme ale si eya ŋutɔ dia? Ao. Biblia gblɔ be ame siwo di be yewoasubɔ Mawu le mɔ si wòdi nu la, ‘nagblɔ nya ɖeka eye be woawɔ ɖeka nyuie le susu ɖeka kple tamesusu ɖeka me.’ (1 Korintotɔwo 1:10) Woanɔ hamewo me eye woalɔ̃ “nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo” si le xexea me godoo la katã. (1 Petro 2:17; 1 Korintotɔwo 11:16) Ehiã be amewo nanɔ subɔsubɔha wɔɖeka si le ɖoɖo nu sia me hafi woƒe nu nadze Mawu ŋu.

Ðe nàte ŋu akpɔ subɔsubɔha vavãtɔ adze siia?

“Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:35.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia wɔ kpɔɖeŋu ku ɖe ale si míawɔ akpɔ subɔsubɔha vavãtɔ adze sii ŋu ale: “Woƒe kutsetsewoe miatsɔ adze si woe. Womegbea waintsetsewo le aŋɔkawo dzi, alo gbowo le srẽwo dzi gbeɖe o, alo menye nenemae oa?” (Mateo 7:16) Mehiã be nànye atiŋutinunyala hafi ate ŋu ade vovototo gboti kple aŋɔka dome o; nenema kee mehiã be nanye subɔsubɔhaŋutinunyala hafi ade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ o. Nu kawoe nye subɔsubɔha vavãtɔ ƒe kutsetse aɖewo?

  • Subɔsubɔha vavãtɔ fiaa nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia la me. (Yohanes 4:24; 17:17) Menye amegbetɔwo ƒe nunyae wofiana o.

  • Subɔsubɔha vavãtɔ kpena ɖe amewo ŋu wonyaa Mawu, eye wònana wonyaa Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa hã.Yohanes 17:3, 6.

  • Subɔsubɔha vavãtɔ nana amewo nyana be Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia, ke menye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo o.Mateo 10:7; 24:14.

  • Subɔsubɔha vavãtɔ fiaa nu tso lɔlɔ̃ vavãtɔ ŋu. (Yohanes 13:35) Efia amewo be woade bubu ameƒomevi ɖe sia ɖe ŋu, be woazã woƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo atsɔ akpe ɖe amewo ŋu eye be woaƒo asa na dukɔwo dome ʋawo.Mixa 4:1-4.

  • Subɔsubɔha vavãtɔ kpɔa ŋusẽ ɖe emenɔlawo ƒe agbenɔnɔ dzi menye kɔnu dzro aɖe ko o. Emenɔlawo nɔa agbe ɖe nu si wofiana la nu.Romatɔwo 2:21; 1 Yohanes 3:18.

Yehowa Ðasefowo, siwo nye magazine sia talawo, dzea agbagba toa woƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ dzi dea bubu Mawu ŋu. Ðe manyo be nàde kpekpe le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me be wò ŋutɔ nàkpɔ ale si nuwo yia edzi le afi mae oa?