Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | NE NYA VƆ̃ AÐE DZƆ

Ne Wò Nunɔamesiwo Dome Gblẽ

Ne Wò Nunɔamesiwo Dome Gblẽ

Le Fiɖa, March 11, 2011 dzi la, anyigbaʋuʋu sesĩe le Japan, anyigbaʋuʋu sia ƒe dzidzee nye 9. Ewu ame 15,000 kple edzivɔwo eye wògblẽ nunɔamesi siwo ƒe home wu Amerika dɔlar miliɔn akpe 200 dome. Esi Kei si xɔ ƒe 32 se be anyigba le ʋuʋu ge la, esi yi teƒe kɔkɔ aɖe. Egblɔ be: “Le ŋufɔke ƒe ŋdi la, metrɔ yi aƒe me be mafɔ nye nu siwo anya susɔ, gake tsi kplɔ nu sia nu dzoe, ekplɔ nye aƒea gɔ̃ hã dzoe. Aƒea ƒe gɔmeɖokpewo koe susɔ.

“Exɔ ɣeyiɣi hafi meva de dzesi nu siwo gbegbe dome gblẽ nam, nye nunɔamesiwo katã dome gblẽ. Tsi kplɔ nu sia nu dzoe, nye ʋua, nye kɔmpiuta siwo metsɔ wɔa dɔe, nye kplɔ̃wo, nye zikpuiwo kple zikpui bɔbɔe siwo dzi nye amedzrowo nɔna, kɔmpiuta ƒe nuŋlɔkpe, nye dzitaawo, nye kpẽ, nye nutanuwo, nye aŋɔwo kple nye nutatawo katã nu yi.”

TENƆNƆ ÐE NYA VƆ̃A NU

Na wò susu nanɔ nu siwo le asiwò fifia la dzi, ke menye nu siwo dome gblẽ na wò la dzi o. Biblia gblɔ be: “Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.” (Luka 12:15) Kei gblɔ nu si wòwɔ ɣemaɣi ale: “Gbã la, meŋlɔ nu sia nu si dim mele la ɖi, gake ɖeko esia nana meɖoa ŋku nye nu siwo katã tsia kplɔ dzoe la dzi. Eye meva ɖoe be nu siwo mehiã ŋutɔŋutɔ koe maŋlɔ ɖi, eye manɔ asi trɔm le nuŋlɔɖia ŋu zi ale si nyemegahiã na nane o. Nuŋlɔɖi ma kpe ɖe ŋunye megava kpɔ ta na nye agbe.”

Mègatsɔ susu ɖo nu siwo gblẽ na wò la ŋu fũu o, ke boŋ zã nuteƒekpɔkpɔ si su asiwò nàtsɔ afa akɔ na amewo. Kei gblɔ be: “Kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo kple xɔ̃nyewo siaa naa kpekpeɖeŋum, gake ɖeko esia na be kpekpeɖeŋuxɔxɔ va le numame zum nam, eye nyemegakpɔa dzidzɔ ale o. Azɔ meɖo ŋku nya si Biblia gblɔ le Dɔwɔwɔwo 20:35 be ‘Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ’ la dzi. Esi ŋutilãmenu boo mele asinye mana ame siwo ŋu anyigbaʋuʋu sia gblẽ nu le o ta la, meɖoe be made dzi ƒo na wo. Dɔmenyonyo na amewo le mɔ sia nu ɖe vi gã aɖe nam.”

Do gbe ɖa na Mawu ne wòana nunya wò nàtsɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu. Kei ka ɖe nya si Biblia gblɔ be Mawu “atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu” la dzi. (Psalmo 102:18) Wò hã àte ŋu awɔ nenema ke.

Ènyaa? Biblia gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime dzɔdzɔmefɔkuwo magadzɔ agblẽ nu le amewo ŋu o. *Yesaya 65:21-23.

^ mm. 9 Ne èdi be yeanya tame si Mawu ɖo ɖe anyigba ŋu la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe ta 3 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.