Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 GBEBIAME | WENLONG HE

Dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala Aɖe Ƒe Xɔse

Dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala Aɖe Ƒe Xɔse

WENLONG HE srɔ̃ nu tso dzɔdzɔmeŋusẽ ŋu zi gbãtɔ le Suzhou si le Jiangsu Nuto me le China. Ekpɔ gome le dukɔwo dome magazine si ku ɖe mɔ̃ɖaŋununya ŋu ŋɔŋlɔ me eye eya ŋutɔ ŋlɔ agbalẽ geɖe ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu. Fifia, Wenlong He le dɔ wɔm le Strathclyde Yunivɛsiti si le Scotland. Le eƒe sɔhɛme la, exɔe se be ɖeko nu gbagbewo dzɔ le wo ɖokui si, gake emegbe eva ƒo nya ta be ɖe wowɔ wo. Nyɔ! magazinea talawo bia gbee tso eƒe xɔse ŋu.

Ƒo nu tso ɖokuiwò ŋu na mí.

Wodzim le ƒe 1963 me eye metsi le China ƒe kɔƒe aɖe si le Yangtze Tɔsisia ƒe anyiehe le Jiangsu Nutoa me. Enye nuto si me yame xɔa dzo le eye tsi hã dzana nyuie. Wolɔ̃a nuto ma yɔyɔ be mɔlu kple tɔmelã ƒe anyigba elabe nuɖuɖu bɔ ɖe afi ma ale gbegbe. Esi menye ɖevi la, mebiaa ɖokuinye be: ‘Nu ka tae nuɖuɖu viviwo bɔ ɖe xexea me alea? Ðe wodzɔ le wo ɖokui sia? Wo dometɔ kae dzɔ gbã, koklovi alo koklozi?’ Mawudzimaxɔselawo bɔ ɖe China, eya ta wofiam le suku be ɖeko nu gbagbewo dzɔ le wo ɖokui si.

Ƒo nu tso wò ƒometɔwo hã ŋu na mí.

Dzinyelawo mexɔ Mawu dzi se o. Danye nye agbledela. Fofonye nye xɔtuɖaŋunyala eye wòɖo xɔtudɔwɔƒe aɖe. Nyee nye woƒe ŋutsuvi atɔ̃awo ƒe tsitsitɔ. Nublanuitɔe la, nɔvinye ŋutsu eve ku le woƒe ɖevime. Esia na mexaa nu vevie eye mebia ɖokuinye be: ‘Nu ka tae ame kuna? Ðe magakpɔ nɔvinyeawo gbe ɖeka?’

Nu ka tae nèsrɔ̃ dzɔdzɔmeŋutinunya?

Nu si tae nye be mebua tame vevie tso dzɔdzɔmenuwo ŋu eye mesusui be nusɔsrɔ̃ ƒomevi sia akpe ɖe ŋunye makpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siwo ɖea fu nam tso ɖevime ke.

Nu kawo ŋue nèkua nu me le?

Mesrɔ̃ nu tso ale si mana atɔm-menuwo ƒe dusisi nadzi ɖe edzi agogo kekeli ƒe dusisi. Esia wɔe be mesrɔ̃ nu tso atɔm ƒe wɔwɔme ŋu. Meku nu me hã tso ale si woatrɔ asi le keklẽŋusẽ ƒe sesẽme  ŋu wòato keklẽŋusẽ siwo woyɔna be microwave (micro-onde) ƒe sesẽme ŋu evɔ made keklẽŋusẽ si woyɔna be infrared (infrarouge) ƒe sesẽme nu o. Togbɔ be ga tae mewɔa esia ɖo hã la, nu bubu si hã tae mewɔnɛ ɖoe nye be manya nu tso ale si xexea wɔ va dzɔ ŋu.

Aleke wòdzɔe be nèva tsɔ ɖe le Biblia me?

Le ƒe 1998 me la, Yehowa Ðasefo eve va gbɔnye le aƒe me. Wogblɔ be yewoakpe ɖe ŋunye makpɔ ŋuɖoɖo na nye nyabiaseawo le Biblia me. Srɔ̃nye Huabi, si hã nye dzɔdzɔmeŋutinunyala va wɔ ɖeka kpli mí le numedzodzroa me. Togbɔ be zi gbãtɔe nye ema míekpɔ Biblia hã la, aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le eme la wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Míekpɔ ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ɖe vi na atsu kple asi siwo va dzroa nuwo me kpli mí. Dzi dzɔa wo eye wometsɔ nu geɖe do agba na wo ɖokui le agbe me o. Gake nu si Biblia gblɔ tso Mawu ŋu la na nye susu va nɔ wɔwɔm eveve be ɖe woanya wɔ xexea mahã. Abe dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala ene la, nye dɔe nye be mase dzɔdzɔmenuwo gɔme. Eya ta medi be magaku nuwo me tsitotsito.

Abe dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala ene la, nye dɔe nye be mase dzɔdzɔmenuwo gɔme. Eya ta medi be magaku nuwo me tsitotsito

Ke nu kawo ŋue nèva ke ɖo?

Gbã la, menya be nu vovovo siwo le ƒuƒoƒo me mate ŋu anɔ ɖoɖo nu o negbe ɖe nu bubu aɖe kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Emae woyɔna be dzɔdzɔmeŋusẽ ƒe se evelia. Esi wònye be ɖe xexe gbahooa kple nu gbagbewo le ɖoɖo manyagblɔ aɖe nu ta la, meƒo nya ta be ame aɖee wɔ wo, eyae anye Wɔla la. Eveliae nye be edze abe ɖe wowɔ xexe gbahoo sia kple anyigba ale be agbe nanya nɔ le edzi ene.

Nu kae ɖo kpe edzi na wo be ɖe wowɔ nu gbagbewo?

Le nyateƒe me la, nu gbagbe siwo katã le anyigba dzi la hiã ɣe ƒe ŋusẽ hafi woate ŋu anɔ agbe. Ne ŋusẽ sia tso ɣea gbɔ gbɔna anyigba la ezua keklẽŋusẽ le yame. Keklẽŋusẽ sia va ɖoa anyigba hezua keklẽŋusẽ ƒomevi vovovowo. Woyɔa keklẽŋusẽ si ƒua du wu la be gamma ray (rayon gamma) si gblẽa ŋu. Esiwo kplɔe ɖoe nye X-ray (rayon X), ultraviolet ray, kekeli, infrared, microwave kple esi meɖoa anyigba kaba o, si nye radio ƒe gbeɖiɖixɔŋusẽwo. Eɖe dzesi ŋutɔ be wowɔ ya si ƒo xlã míaƒe anyigba be wòaxe mɔ na keklẽŋusẽ siwo gblẽa nu evɔ wòaɖe mɔ na keklẽŋusẽ siwo ɖea vi na mí ya be woaɖo anyigba dzi.

Nu ka tae nu ma wɔ dɔ ɖe dziwò nenema gbegbe?

Nya siwo wogblɔ ku ɖe nuwɔwɔwo ŋu le Biblia ƒe gɔmedzedze tso kekeli ŋu la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Afi ma gblɔ be: “Mawu gblɔ be: Kekeli nedo! Eye kekeli do.” * Ɣe ƒe keklẽ si le xexe gbahooa me ƒe akpa sue aɖe koe amegbetɔwo tea ŋu kpɔna, ke hã kekeli hiã hafi nu gbagbewo nate ŋu anɔ nyigba dzi. Atiwo hiã na kekeli be woatsɔ awɔ woƒe nuɖuɖuwo, eye mí amegbetɔwo hã míehiã nɛ be míate ŋu akpɔ nu. Ale si kekeli wɔna tea ŋu va ɖoa anyigba dzi la mate ŋu anye nudogoɖenunu o. Esi gawɔ nuku wue nye ale si ya si ƒo xlã anyigba ɖea mɔ ultraviolet-keklẽŋusẽ ʋɛ aɖe ko va ɖoa anyigba dzi.

Nu kae ɖe dzesi le keklẽŋusẽ sia ŋu?

Míehiã ultraviolet-keklẽŋusẽ ʋɛ aɖe be wòana nunyiame si woyɔna be vitamin D la míaƒe ŋutigbalẽ, enaa ŋusẽ nɔa míaƒe ƒuwo ŋu eye wòkpɔa mía ta tso kansa kple dɔléle bubuwo si me. Gake ne keklẽŋusẽ sia sɔ gbɔ akpa la, enaa ŋutigbalẽmekansa kple ŋkudɔ mí. Ne ya si ƒo xlã anyigba ɖe mɔ ɖe keklẽ sia ƒe sue aɖe si sɔ ŋu wòva ɖo anyigba dzi la, esɔna na mí ŋutɔ. Le nye ya gonyeme la, esia ɖo kpe edzi be ame aɖee wɔ anyigba kple nu gbagbewo.

Ʋɛʋɛʋɛ la, nye kple srɔ̃nye Huabi míeva ka ɖe edzi be Wɔla aɖe li eye be eyae na woŋlɔ Biblia. Le ƒe 2005 me la, míezu Yehowa Ðasefowo eye míekpɔa gome le Biblia me gbedeasia fiafia amewo me.