Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE NU GBAGBEWO WƆ VA DZƆ?

Nyabiase Vevi Eveawo Me Dzodzro

Nyabiase Vevi Eveawo Me Dzodzro

1 Aleke Nu Gbagbewo Wɔ Va Dzɔ?

NYA SI AME AÐEWO GBLƆNA. Ðeko nu gbagbewo dzɔ tso nu siwo me agbe mele o me le wo ɖokui si.

NU SI TA AME AÐEWO MEDAA ASI ÐE NUMEÐEÐE SIA DZI O. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya nu tso dzɔdzɔmenuwo kple atom ƒokpliwo (molecule) ƒe wɔwɔme ŋu egbea nyuie wu tsã, gake wometea ŋu ɖea ale si tututu nu gbagbewo wɔ va dzɔ la me o. Vovototo gã aɖe le nu siwo me agbe mele o kple nu gbagbe suetɔ kekeake gɔ̃ hã dome.

Ðeko dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ate ŋu asusu ale si nuwo nɔ le anyigba dzi ƒe miliɔn akpe geɖee nye esi va yi la agblɔ. Susu vovovowoe le wo si. Wo dometɔ aɖewo gblɔna be dzotowo alo atsiaƒu mee nu gbagbewo dzɔ tso. Eye bubuwo hã be xexea me ƒe teƒe bubu aɖee nu gbãtɔ si va zu nu gbagbe la dzɔ tso eye wòle ɣletivitoasike me va ɖo anyigba dzi. Gake esia mena míekpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase si nye be, ‘Aleke nu gbagbewo wɔ va dzɔ?’ la o, ɖeko wògblẽ nyaa ɖe edzi boŋ.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo susui be atom ƒokpliwo li hafi dzɔdzɔmenu siwo míenya egbea la va dzɔ. Wobe ɖeko atom ƒokpliwo dzɔ tso dzɔdzɔmenu siwo metrɔna o la me kpoyi eye wodzi ɖe edzi zã. Ke hã dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mekpɔ kpeɖodzi aɖeke si ɖee fia be atom ƒokpli mawo nɔ anyi kpɔ gɔ̃ hã o, eye woawo ŋutɔwo hã mete ŋu wɔ atom ƒokpli mawo le woƒe numekuƒewo gɔ̃ hã kpɔ o.

Nu gbagbewo le tɔxɛe le ale si wotea ŋu dzraa nyatakakawo ɖo hewɔa wo ŋu dɔe me. Lãmenugbagbeviwo tea ŋu fiaa mɔ woƒe domenyiŋusẽfianuwo, alo xɔa mɔfiame tso domenyiŋusẽfianuwo gbɔ hewɔa wo dzi. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo tsɔa domenyiŋusẽfianuwo sɔna kple kɔmpiutaɖoɖowo eye wotsɔa lãmenugbagbeviwo ŋutɔ sɔna kple kɔmpiuta ŋutɔ. Gake nɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo mate ŋu agblɔ afi si nyatakaka mawo tso o.

Ehiã be nunyiame siwo woyɔna be protein ƒe atom ƒokpliwo nanɔ lãmenugbagbeviwo me hafi woate ŋu awɔ dɔ nyuie. Nu siwo woyɔna be amino acid alafa geɖewoe nɔa protein ɖeka me eye woléna ɖe wo nɔewo ŋu henɔa ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu. Gakpe ɖe eŋu la, ele be protein la nanɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi wòate ŋu awɔ dɔ nyuie. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo ƒo nya ta be asesẽ ŋutɔ be protein ƒe ƒuƒoƒo ƒokpli siawo dometɔ ɖeka nadzɔ le eɖokui si. Paul Davies si nye dzɔdzɔmeŋusẽŋutinunyala gblɔ be: “Esi wònye be lãmenugbagbeviwo hiã protein alafa geɖe hafi woate ŋu awɔ dɔ nyuie ta la, susu manɔ eme be woasusu be ɖe wodzɔ le wo ɖokui si o.”

NYATAƑOƑO. Le ƒe geɖe siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo katã kloe tsɔ ku nu me tso nya sia ŋu me la, nyateƒenya ɖeka sia metrɔ o, eyae nye be nu si me agbe le ko mee agbe ate ŋu adzɔ tso.

2 Aleke Wòdzɔe Be Nu Gbagbe Ƒomevi Vovovowo Va Li?

NYA SI AME AÐEWO GBLƆNA. Nu gbagbe gbãtɔ nɔ tɔtrɔm vivivi le eɖokui si ʋuu va zu nu gbagbe vovovo siwo dome amegbetɔ hã le.

NU SI TA AME AÐEWO MEDAA ASI ÐE NUMEÐEÐE SIA DZI O. Lãmenugbagbevi aɖewo ƒe wɔwɔme de ŋgɔ wu bubuwo tɔ. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, ale si tututu lãmenugbagbevi kpokploewo wɔna hafi trɔna zua lãmenugbagbevi deŋgɔwo “nye nu masegɔmena evelia si tɔtɔa nɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo, gbãtɔe nye afi si agbe dzɔ tso.”

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo de dzesii be le lãmenugbagbevi ɖe sia ɖe me la, atom ƒokpli mɔ̃wo li. Nunyiame si nye protein siwo wɔa ɖeka hewɔa dɔ nyadriwoe le mɔ̃ siawo me. Ðe nu gbagbewo ƒe tɔtrɔ le wo ɖokui si alo nu gbagbe siwo sesẽ wu ƒe agbetsitsi ate ŋu awɔe be dɔwɔnu deŋgɔ mawo nanɔ mɔ̃ mawo mea? Ame geɖe kpɔe be mate ŋu adzɔ nenema o.

Azi si me vi ɖo ye va zua amegbetɔ, nenema kee wòle le lãwo hã gome. Le fugboea me la, lãmenugbagbeviwo dzina ɖe edzi eye wova mana wotɔxɛwotɔxɛe, ɖe sia ɖe kple eƒe dɔwɔwɔ eye woƒe nɔnɔme nɔa vovovo eye wova zua ŋutilã ƒe ŋutinu vovovowo. Nɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo metea ŋu ɖea ale si lãmenugbagbeviwo wɔna nyaa nu si woava zu kple afi si woanɔ le ametia me la me o.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va de dzesii be hafi lã ƒomevi aɖe nate ŋu atrɔ azu bubu la, ele be atom ƒokpli siwo le eƒe lãmenugbagbeviwo me ƒe wɔwɔme natrɔ kura. Esi wònye be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu aɖo kpe ale si dzɔdzɔmenu siwo me agbe mele o ate ŋu atrɔ azu lãmenugbagbevi suetɔ kekeake gɔ̃ hã dzi o la, ke ɖe woate ŋu aɖo kpe edzi be nu gbagbe gbãtɔ aɖee nɔ anyi henɔ tɔtrɔm vivivi le eɖokui si ʋuu va zu nu gbagbe vovovowoa? Michael Behe si nye nu gbagbewo ŋuti nunyala gblɔ ku ɖe lãwo ƒe wɔwɔme ŋu be “togbɔ be woɖe nu wɔnuku si míekpɔ mɔ na kura o la fia hã la, míete ŋu kpɔ kpeɖodzi aɖeke si ɖe ale si nu gbagbe deŋgɔ mawo ate ŋu adzɔ le wo ɖokui si nunyala aɖeke manɔmee la fia va se ɖe fifia o.”

Amegbetɔ nyaa nu, enyana be amegbetɔe yenye, ebua tame, nɔnɔme nyuiwo abe dɔmenyonyo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ene le esi eye wòdea vovototo nyui kple vɔ̃ dome. Womate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmetɔtrɔ dzi aɖe nu si tae nɔnɔme tɔxɛ siawo le amegbetɔ si ɖo la me o.

NYATAƑOƑO. Nɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo tea tɔ ɖe edzi be ɖikeke aɖeke mele eme o be dzɔdzɔmenu siwo me agbe mele o woe trɔ zu nu gbagbewo, gake ame aɖewo ya meda asi ɖe woƒe numeɖeɖe ku ɖe ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ kple ale si wowɔ va zu nu gbagbe vovovowo la dzi o.