Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Anyixe

Anyixe

ANYIWO zãa anyiŋe alo anyiŋɔ si dona ɖe woƒe ƒodo ŋu tsɔ wɔa anyixe alo anyigbà. Wobua anyixea be enye aɖaŋunu wɔnuku aɖe ŋutɔ. Nu ka tae?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Ƒe geɖewoe nye esia la, akɔntaŋutinunyalawo susunɛ be nu alo xɔ siwo ƒe nɔnɔme le dzogoe ade me nyo wu esiwo ƒe nɔnɔme le dzogoe etɔ̃, ene alo bubu ɖe sia ɖe me, elabena woate ŋu atu alo awɔ nu gbogbo aɖewo ɖe nɔnɔme sia me ɖe teƒe sue aɖe eye dɔwɔnu siwo woazã hã anɔ ʋɛe wu. Ke hã, womete ŋu ɖe nu si tututu ta wogblɔ nenema ɖo la me o. Gake mlɔeba le ƒe 1999 me la, nufialagã Thomas C. Hales gblɔ kpeɖodzi siwo ŋu woke ɖo le akɔntaŋutinunya me si ɖe ale si nu siwo ƒe nɔnɔme le dzogoe ade me ɖea vi wu la fia hena ŋkɔe be “anyixe ƒe kpeɖodziwo.” Eɖee fia be xɔwo kple nu bubuwo tutu woanɔ dzogoe ade me nye mɔ nyuitɔ si nu woama teƒewo ɖo pɛpɛpɛ evɔ womazã nu boo atsɔ alé wo ɖe te o.

Esi wònye be anyiwo wɔa woƒe anyixewo wonɔa dzogoe ade me ta la, wozãa teƒe siwo katã le wo si la nyuie, woƒe anyixea mekpena o evɔ wòhesẽna nyuie, womezãa anyiŋɔ fũu o, eye wotea ŋu ɖaa anyitsi gbogbo aɖe ɖe teƒe sue aɖe. Mewɔ nuku o be woyɔ anyixe be “aɖaŋunu deŋgɔ.”

Egbea la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔa anyixe ƒe wɔwɔme dzi tsɔ wɔa nu siwo sesẽ evɔ womexɔa teƒe fũu o. Le kpɔɖeŋu me, yameʋuwɔlawo wɔ yameʋu siwo ƒe nɔnɔme le dzogoe ade me abe anyixe ene. Yameʋuawo sesẽ eye womekpe hã o, eye esia wɔe be womenoa ami sɔgbɔ o.

Nu kae nèsusu? Ðe anyixe ƒe wɔwɔme deŋgɔ la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?