Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Ale Si Anyi Wɔna Dzena Ðe Nu Dzi

Ale Si Anyi Wɔna Dzena Ðe Nu Dzi

ANYI tea ŋu dzena ɖe teƒe ɖe sia ɖe dedie. Aleke wòwɔnɛ?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Be anyi nate ŋu adze ɖe nane dzi dedie la, ele be wòaɖiɖi du si wòtsɔ le dzodzom yina nua gbɔ la dzi akpɔtɔ keŋkeŋ. Be wòate ŋu awɔ esia la, ele be wòabu nu eve siawo ŋu—gbãa, ele be wòabu ale si wòle dua ƒumee kple dometsotso si le eya kple nu si gbɔ yim wòle dome la ŋu—eye wòaɖiɖi eƒe duƒuƒua wòasɔ ɖe dometsotsoa nu. Gake mɔnu sia asesẽ na nudzodzoe geɖe elabena woƒe ŋku metea ŋu dzidzia dometsotso si le woawo kple nu si dzi wodi be yewoadze ɖo la dome o.

Ale si anyi kpɔa nui la to vovo na amegbetɔwo elabena amegbetɔwo ƒe ŋku evea siaae kpɔa nu. Edze abe ne anyi ya le tetem ɖe nane ŋu la nua nɔa lolom ɖe edzi ene. Zi ale si wòle tetem ɖe nua ŋu la zi nenemae nua lolonae. Numekuku si wowɔ le Australia Dukɔa Ƒe Yunivɛsiti ɖee fia be anyi ɖiɖia du si wòtsɔ le dzodzom yina nane gbɔ kura be wòakpɔ nua ƒe lolome nyuie adze ɖe edzi. Kaka anyi naɖo nu si gbɔ yim wòle gbɔ la, eɖiɖia du si wòtsɔ le dzodzom la keŋkeŋ ale be wòate ŋu adze ɖe nua dzi dedie.

Agbalẽ aɖe (Proceedings of the National Academy of Sciences) gblɔ be: “Ŋkuléle ɖe mɔnu si dzi anyi tona dzena ɖe nu dzi ŋu . . . [wɔe] be wowɔ nane de robɔtwo me be wòafia mɔ wo woate ŋu adzo nyuie.”

Nu kae nèsusu? Ðe ale si anyi wɔna dzena ɖe nu dzi la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?