Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYƆ! No. 2 2017 | Nu Kae Le Megbe Na Vivimeŋusẽwo?

Egbea filmwo kple television dzi wɔnawo ƒoa nu tso vivimeŋusẽ siwo nye adzetɔwo kple vampayawo ŋu zi geɖe.

Nu kae nèsusu? Modzakaɖeɖe siwo me afɔku mele o koe wonye loo alo afɔku le wo mea?

“Nyɔ!” magazine sia ƒo nu tso nu si tae amewo kpɔa dzidzɔ ɖe vivimeŋusẽwo kple nu si tututu le megbe na vivimeŋusẽ mawo ŋu la ŋu.

 

NYATI SI LE AKPAA DZI

Amewo Va Le Vivi Dom Ðe Vivimeŋusẽwo Ŋu!

Ŋutsu adzetɔwo, nyɔnu adzetɔwo, vampayawo, trɔ̃ƒoƒo kple ŋɔliwo—nye gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna siwo ŋu amewo doa vivi ɖo la dometɔ aɖewo. Nu kae na amewo doa vivi ɖe wo ŋu?

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nu Kae Biblia Fia Tso Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu?

Togbɔ be ame geɖe kea ɖi le nu sia nu si ku ɖe vivimeŋusẽ alo gbɔgbɔyɔyɔ ŋu hã la, Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo ŋu vevie. Nu ka tututue Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu, eye nu ka tae?

WAS IT DESIGNED?

Ale Si Anyi Wɔna Dzena Ðe Nu Dzi

Ale si anyi wɔna dzena ɖe nu dzi la na wowɔ nane de robɔtwo me be wòafia mɔ wo woate ŋu adzo nyuie.

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU

Ne Dziwòla Aɖe Ku

Ame dzila ƒe ku vena ale gbegbe. Nu kae akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woate ŋu anɔ te ɖe seselelãmekuxi vovovo siwo kplɔnɛ ɖo nu?

Ne Ðeviwo Le Nu Xam Le Wo Dzila Ƒe Ku Ta

Aleke Biblia kpe ɖe sɔhɛ etɔ̃ aɖewo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe woƒe ƒometɔ aɖe ƒe ku nu?

LANDS AND PEOPLES

Tsaɖiɖi Yi Spain

Ame ƒomevi vovovowo kple nu vovovowoe le Spain. Spain ye wowɔa ami si wonya le xexea me wu la le.

NU SI BIBLIA GBLƆ

Atitsoga

Ame geɖe bua atitsoga be enye Kristotɔwo ƒe dzesi. Atitsoga ŋue Yesu ku ɖoa? Ðe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo zã atitsoga le woƒe Mawu subɔsubɔ mea?

Àdi Be Yease Biblia Gɔmea?

Srɔ̃ nu tso nu si nèhiã kple nu si mèhiã o ŋu ale be nàte ŋu ase eme nyawo gɔme.

Internet Dzi Nu Bubuwo

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Nya Vɔ̃wo Nu?

Sɔhɛ aɖewo gblɔ nu siwo kpe ɖe wo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe nya vɔ̃wo nu.

Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Li Ŋutɔŋutɔa?

Nu kawoe nye gbɔgbɔ vɔ̃wo? Afi kae wotso va?