Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Ðeviwo Le Nu Xam Le Wo Dzila Ƒe Ku Ta

Ne Ðeviwo Le Nu Xam Le Wo Dzila Ƒe Ku Ta

Ðe nèle nu xam le wò ƒometɔ aɖe ƒe ku ta? Ne nenemae la, nu kae akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe enu? De ŋugble tso ale si Biblia kpe ɖe sɔhɛ etɔ̃ aɖewo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe kuxi ma nu la ŋu kpɔ.

NU SI ME DAMI TO

Dami

Gbã la, ɖeko wòwɔ abe ta koe nɔ papa ɖum ene. Gake esi papa ƒe vevesesea dzi ɖe edzi la, nɔnye yɔ dɔnɔkɔʋu. Megaɖoa ŋku ale si dɔnɔgbɔkpɔlawo kɔe dzoe la dzi kokoko. Nyemenya be emae anye zi mamlɛtɔ si makpɔe o. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, ʋukametetedɔ wu papa. Ƒe ade koe mexɔ ɣemaɣi.

Megabua fɔ ɖokuinye le papa ƒe ku ta. Megaɖoa ŋku ale si dɔnɔgbɔkpɔlawo kɔe dzoe la dzi eye mebiaa ɖokuinye be: ‘Nu ka tae metɔ ɖi ko nɔ wo kpɔm? Nu ka tae nyemewɔ naneke tso eŋu o?’ Ne mekpɔ ame tsitsi siwo nye dɔnɔwo la, mesusuna be, ‘Nu ka tae woawo le agbe eye papa ya ku?’ Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nɔnye kpe ɖe ŋunye mete ŋu ƒo nu tso nye seselelãmewo ŋu. Esi míenye Yehowa Ðasefowo taa, míaƒe hamea me tɔwo na kpekpeɖeŋu geɖe mí.

Ame aɖewo susuna be ne afɔku aɖe dzɔ la, woate ŋu axa nu sẽe ko wòafa na ame, gake menɔ alea le gonyeme o. Nyemexa nu boo o va se ɖe nye ƒewuiwo me hafi.

Aɖaŋu si maɖo na sɔhɛ siwo dzila aɖe ku na ye nye be, “Gblɔ nu si me tom nèle la na ame aɖe. Ne ègblɔ nu siwo me tom nèle na ame aɖe kaba la, ate ŋu aɖe vi na wò.”

Nyateƒee, esesẽ nam be fofonye mele agbe hafi meɖo ɣeyiɣi vevi siawo me le nye agbe me o. Gake ŋugbe si Biblia do le Nyaɖeɖefia 21:4 si gblɔ be eteƒe madidi o Mawu “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [míaƒe] ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o” la faa akɔ nam.

NU SI ME DERRICK TO

Derrick

Nu vevi aɖewo siwo dzi meɖoa ŋkui le fofonye ŋue nye ale si nye kplii míedea tɔƒo kple ale si míeva tsia towo dzi dɔna. Toawo dzi nɔnɔ doa dzidzɔ nɛ.

Dzidɔ nɔ fu ɖem na fofonye; meɖo ŋku edzi be meva srãe kpɔ le kɔdzi zi ɖeka eve aɖewo le nye ɖevime. Gake nyemenya be eƒe dɔa sesẽ nenema gbegbe o. Dzidɔa wu fofonye esi mexɔ ƒe asieke.

Esi wòku la, avifafa dzi koe menɔ. Ðeko helehele tsi akɔ nam eye nyemedi be maƒo nu na ame aɖeke o. Nyemese le ɖokuinye me alea kpɔ o eye naneke wɔwɔ megadzroam o. Sɔhɛwo ƒe habɔbɔ si me menɔ le sɔleme la me tɔwo fa akɔ nam le gɔmedzedzea me gake wova dzudzɔ. Nya siwo wogblɔna ƒe ɖewoe nye, “Fofowò ƒe ɣeyiɣie de” alo “Mawue yɔe” alo “Fifia ele dziƒo.” Nya mawo mena nye dzi dze eme o, gake nyemenya naneke tso nu si Biblia fia tso nya mawo ŋu o.

Emegbe Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple nɔnye eye nye kple fonye hã míeva te nua sɔsrɔ̃. Míesrɔ̃ nu tso nɔnɔme si me ame kukuwo le kple tsitretsitsi ƒe ŋugbe si Mawu do si faa akɔ na ame la ŋu. (Yohanes 5:28, 29) Gake mawunyakpukpui si kpe ɖe ŋunye wue nye Yesaya 41:10, afi si Mawu gblɔ le be: “Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu. Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò.” Enyanya be Yehowa li kplim la fa akɔ nam ŋutɔ ɣemaɣi eye egafaa akɔ nam fifia.

NU SI ME JEANNIE TO

Jeannie

Kansa wu nɔnye esi mexɔ ƒe adre. Ðeko wònɔ abe drɔ̃e kum menɔ gbe ma gbe ene. Meɖo ŋku edzi be eku le aƒe me eye tɔgbuinye kple mamanye nɔ anyi hafi wòku. Eye ame sia ame nɔ anyi kpoo. Meɖo ŋku edzi hã be koklozi tɔtɔe míeɖu fiẽ ma. Mese le ɖokuinye me be evɔ nam.

Mesusui ɣemaɣi kple ƒe aɖewo megbe be, ele be manɔ te sesĩe le nɔvinyenyɔnuvia ta. Eya ta nyemekɔa nu le nye seselelãmewo dzi o. Nenema ko megawɔnɛ va se ɖe egbe, nyemeƒoa nu tso nu siwo doa vevesese nam la ŋu o, evɔ menya be esia medea ame ƒe lãmesẽ dzi o.

Meɖo ŋku ale si Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le míaƒe nutoa me ɖee fia be yewolɔ̃ mí eye wokpe ɖe mía ŋu la dzi. Togbɔ be míedze kpekpeawo dede le Fiaɖuƒe Akpata me medidi o hã, mía nɔvi siwo le hamea me kpe ɖe mía ŋu abe ɖe wodze si mí ƒe gbogbowo ene. Papa meɖa fiẽnu o hena ƒe ɖeka sɔŋ elabena ame aɖe tsɔa nuɖuɖu vanɛ na mí fiẽ sia fiẽ.

Mawunyakpukpui aɖe si dzi meɖoa ŋkui ye nye Psalmo 25:16, 17. Hakpalaa ƒo koko na Mawu le afi ma be: “Trɔ ɖe ŋunye, ne nàve nunye, elabena metsi akogo, eye metsi asi. Nye dzimexaxawo dzi ɖe edzi; ɖem tso nye xaxawo me.” Efaa akɔ nam be manyae be ne èlé blanui la, ame aɖe li akpe ɖe ŋuwò. Mawu akpe ɖe ŋuwò. Biblia ƒe kpekpeɖeŋu wɔe be nyemena ta o eye mena nye susu le nu nyuiwo abe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe si faa akɔ na ame ene la ŋu. Mɔkpɔkpɔ le asinye be magakpɔ nɔnye ake eye mava nya nu geɖe tso nɔnye si le lãmesẽ blibo me la ŋu le paradiso me le anyigba dzi.—2 Petro 3:13.

Ne èdi be yeanya nu geɖe wu tso Biblia me gbedeasi si faa akɔ na ame siwo le nu xam ŋu la, ekema wɔ agbalẽ si nye “Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Kuƒe kɔpi le internet dzi. Ʋu www.ps8318.com/ee eye àkpɔe le AGBALẼWO > AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO.