Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ðe Mawu ɖoa gbedodoɖawo katã ŋua?

ÐE NÀGBLƆ BE . . .

  • Eɖoa ame sia ame tɔ ŋu

  • Eɖoa ame aɖewo tɔ ŋu

  • Meɖoa ame aɖeke tɔ ŋu oa

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.”—Psalmo 145:18.

NU BUBU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ LE BIBLIA ME?

  • Mawu meɖoa to ame siwo dze aglã ɖe eŋu la ƒe gbedodoɖawo o. (Yesaya 1:15) Gake ‘woate ŋu akpɔ’ wo kple Mawu dome nyawo gbɔ ne wotrɔ agbenɔnɔ.—Yesaya 1:18.

  • Hafi Mawu naɖo gbedodoɖa aɖe ŋu la, ele be gbedodoɖaa nawɔ ɖeka kple eƒe nudidi siwo le Biblia me.—1 Yohanes 5:14.

Ðe wòle be míanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖe me hafi ado gbe ɖaa?

AME AÐEWO XƆE SE be ele be yewoadze klo, abɔbɔ ta, alo akpe asi ɣesiaɣi si yewoado gbe ɖa. Nu kae nèsusu?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu ɖo to se ame siwo ‘bɔbɔ nɔ anyi,’ ‘tso ɖe tsitrenu,’ ‘tsyɔ akɔ anyi’ alo ‘dze klo’ la ƒe gbedodoɖawo. (1 Kronika 17:16; 2 Kronika 30:27; Ezra 10:1; Dɔwɔwɔwo 9:40) Mawu medi be míanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖe koŋ me ne míele gbe dom ɖa o.

NU BUBU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ LE BIBLIA ME?