Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ŊUTEGA SIWO ÐE NU SIWO LE DZIƑONUTOWO ME FIA

Gbɔgbɔmenutowo—Ame Kawoe Le Afi Ma?

Gbɔgbɔmenutowo—Ame Kawoe Le Afi Ma?

Ède ŋugble le gbɔgbɔmenutowo kple ame siwo le afi ma ŋu kpɔa? Ne nenemae la, ke menye wò ɖeɖe koe o. Ƒe akpe gbogbo aɖewoe nye esia si susu vovovowo le amewo si ku ɖe nya sia ŋu. Ame aɖewo xɔe se be tɔgbui kuku siwo ŋu wòle be woade bubui lae le gbɔgbɔ- menutowo me. Ame bubuwo hã susu be eyae nye dziƒo afi si dzidzɔ- kpɔkpɔ kple dziɖeɖi le, eye mawudɔlawo kple ame nyui siwo ku va yi lae le afi ma. Ame aɖewo hã bui be enye trɔ̃ akpeakpewo nɔƒe.

Ame aɖewo hã ʋlia nya be míate ŋu anya naneke tso gbɔgbɔmenutowo me ŋu o elabena ame aɖeke metso afi ma va gblɔ ale si nuwo le le teƒe ma na mí kpɔ o. Ke hã nuwo ŋu bubu alea mesɔ o. Elabena Yesu Kristo nɔ dziƒo le gbɔgbɔmenutowo me hafi va anyigba dzi. Egblɔ na subɔsubɔhakplɔlawo le ƒe alafa gbãtɔ me kaŋ be: “Meɖi tso dziƒo va, menye be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.” Eya ta nu si teƒe Yesu ŋutɔ kpɔ la gblɔm wònɔ esi wògblɔ na eƒe apostoloawo be: “Fofonye ƒe me la, nɔƒe geɖewo li.”—Yohanes 6:38; 14:2.

Yehowa Mawue nye Yesu Fofo eye Yehowa le dziƒo afi si ŋku mate ŋu akpɔ o. (Psalmo 83:18) Eya ta ame aɖeke mate ŋu aɖɔ ale si gbɔgbɔmenutowo me le na mí nyuie wu Yehowa Mawu kple Yesu Kristo o. Woto ŋutega wɔnuku siwo woɖe fia nuteƒewɔlawo dzi na míenya nu geɖe tso gbɔgbɔmenutowo me ŋu.

Nyati si kplɔ esia ɖo la ƒo nu tso Biblia ƒe akpa siwo ɖɔ nu si amewo kpɔ le ŋutega aɖewo me la ŋu. Esi nèle ŋutega siawo ŋu nya xlẽm la, ɖo ŋku edzi be gbɔgbɔmenutowo me mele abe anyigba dzi afi si míate ŋu akpɔ nuwo kple ŋku ahaka asi wo ŋu le la ene o. Eya ta le esi teƒe be Mawu naɖe nuwo me na mí le mɔ si nu míate ŋu ase wo me le o nu la, ezã nu siwo ate ŋu ana míase nu siwo le gbɔgbɔmenutowo me la gɔme bɔbɔe. Ŋutega siawo akpe ɖe ŋuwò be nànya ame siwo le ‘nɔƒe geɖe’ siwo le gbɔgbɔmenutowo me la nyuie.