Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO

Ale Si Nàwɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo

Ale Si Nàwɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo

KUXIA

Míeda akpe be mɔ̃ɖaŋunuwo wɔe be eva le bɔbɔe be nàdo ka kple ame geɖe fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Ke hã, ƒomedodo si anɔ wò kple xɔ̃wo mawo dome la me masesẽ o. Ðekakpui aɖe gblɔ be, “Mesena le ɖokuinye me be kadodo si le nye kple amewo dome me ava tso gbe ɖeka nublanuitɔe. Gake xɔlɔ̃ veviwo le fofonye ya si ƒe geɖee nye esia!”

Nu ka tae wòle sesẽm be xɔlɔ̃ vavãwo nanɔ ame si le ŋkeke siawo me?

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Kuxia ƒe akpa aɖe tso elektrɔnikmɔ̃wo gbɔ. Text message, Internet dzi hahoo kadodowo, kple nyakakamɔnuwo na wòdze nu bɔbɔe be xɔlɔ̃ ate ŋu anɔ ame si esi mahiã be miado go mia nɔewo ŋkume kple ŋkume o. Agbalẽ si nye Yeaɖi Ŋkuʋuʋu (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be: “Amewo megaɖoa dze kple wo nɔewo ŋkume kple ŋkume fũu o. Sukuviwo zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ ɖoa dze toa elektrɔnikmɔ̃wo dzi wu wo nɔewo gbɔ nɔnɔ aɖo adze.”

Le go aɖewo me la, elektrɔnikmɔ̃wo nana wòdzena be xɔlɔ̃wo dome le kplikplikpli, evɔ mele nenema hafi o. Brian, * si xɔ ƒe 22 gblɔ be: “Esi mesusu be xɔ̃wo le asinye ta la metoa text message dzi bia wo ta ɣesiaɣi. Emegbe medzudzɔ text message ɖoɖo ɖe wo ne makpɔ ɖa be wo dometɔ nenie abia tanye hã. Le nyateƒe me la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe bia tanye. Edze ƒãa be wo dometɔ aɖewo menye xɔ̃nye kplikplikpliwo abe ale si mesusui ene o.”

Gake ɖe text message kple nyakakamɔnuwo makpe ɖe ŋuwò be nàdo ka kple amewo ahado ŋusẽ miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa oa? Ate ŋui—vevietɔ ne ègadoa go wo ŋkume kple ŋkume. Gake zi geɖe la, ɖeko nyakakamɔnuwo ana be nàva nya amewo gake mana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ wò kpli wo dome o.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Nya ame si nye xɔlɔ̃ vavã. Biblia ɖɔ xɔlɔ̃ be enye ame si “kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” (Lododowo 18:24) Xɔlɔ̃ sia ƒomevi dim nèlea? Xɔlɔ̃ sia tɔgbie nènyea? Be nàte ŋu aɖo nyabiase mawo ŋu la, ŋlɔ nɔnɔme etɔ̃ siwo nàdi be woanɔ xɔ̃wò si la ɖi. Emegbe ŋlɔ nɔnɔme etɔ̃ siwo wòle be wòanɔ hã asiwò la ɖi. Bia ɖokuiwò be: ‘Xɔlɔ̃ siwo medoa ka kplii le elektrɔnikmɔ̃wo dzi kawo sie nɔnɔme siwo madi be woanɔ xɔ̃nyewo si la le? Nɔnɔme kawoe woagblɔ be meɖena fiana le míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me?’—Biblia ƒe mɔfiame: Filipitɔwo 2:4.

Nya nu siwo le vevie. Zi geɖe la, xɔlɔ̃ siwo nèdoa ka kplii la nyea ame siwo wò kpli wo miekpɔa dzidzɔ ɖe nu ɖeka aɖe wɔwɔ ŋu, abe modzakaɖeɖe aɖe ene. Ke hã, taɖodzinu ɖeka si anɔ wò kple xɔ̃wòwo si le vevie wu nu siwo ŋu miekpɔa dzidzɔ ɖo la ko. Leanne si xɔ ƒe 21 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ geɖewo mele asinye ya o, gake esiwo le asinye la kpena ɖe ŋunye be manye ame ɖɔʋu.”—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 13:20.

Ðo dze kple amewo ŋkume kple ŋkume. Míate ŋu atsɔ nu bubu aɖeke asɔ kple dzeɖoɖo ŋkume kple ŋkume si me nàte ŋu ade dzesi nu suesuesuewo abe amea ƒe gbe, ale si wòɖo moe kple ale si wòle nu wɔmee ene o.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Tesalonikatɔwo 2:17.

Ŋlɔ lɛta. Togbɔ be adze abe nu si megale tsia dzi ene o hã la, lɛtaŋɔŋlɔ na ame aɖe aɖee afia be nètsɔ ɖe le eme nɛ eye nèle eŋu bum vevie. Gake esi nu geɖe li kɔ ɖe amewo dzi ta la, lɛtaŋɔŋlɔ megabɔ egbea o. Le kpɔɖeŋu me, Sherry Turkle ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye Wò Ðeka Àte Ŋu Awɔe (si le Eŋlisigbe me) me be ɖekakpui aɖe gblɔ be, yemeɖo ŋku edzi be ame aɖe ŋlɔ lɛta na ye le yeƒe agbe me kpɔ o. Ðekakpuia gblɔ le ɣeyiɣi siwo me amewo ŋlɔa lɛta ŋu be, “agbenɔnɔ le ɣeyiɣi mawo me dzroam vevie ŋutɔ.” Nu ka tae màto mɔnu sia dzi adze xɔlɔ̃ amewo o?

Nu vevitɔ: Xɔlɔ̃ vavã de ŋgɔ wu kadodo kple ame to elektrɔnikmɔ̃wo dzi ko. Ebia be wò kple xɔ̃wòa miaɖe lɔlɔ̃, veveseseɖeamenu, dzigbɔɖi kple tsɔtsɔke afia mia nɔewo. Nɔnɔme siawo nana dzidzɔ nɔa xɔlɔ̃wo dome. Gake ne xɔ̃wòwo nye ame siwo nèɖoa dze kple le elektrɔnikmɔ̃wo ko dzi la, manɔ bɔbɔe be miaɖe nɔnɔme siawo afia o.

^ mm. 8 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.