Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Internet Dzi Hahoo Kadodowo Zazã Le Nu Gblẽm Le Ŋunyea?

Ðe Internet Dzi Hahoo Kadodowo Zazã Le Nu Gblẽm Le Ŋunyea?

 Ðe dziwòlawo ɖea mɔ na wò be nàzã Internet dzi hahoo kadodowoa? Ne nenemae la, ke nyati sia akpe ɖe ŋuwò le go vevi etɔ̃ me.

Nu siwo me míadzro le nyati sia me

 Ðe hahoo kadodowo zazã le ɣeyiɣi gblẽm nama?

 Internet dzi hahoo kadodowo zazã le abe sɔdodo ene—ele be nàfia mɔe, alo eya boŋ akplɔ ayi afi si wòdi.

 “Meɖonɛ be mazã Internet dzi hahoo kadodowo ‘miniti ʋɛ aɖewo ko,’ gake kaka makpɔa, gaƒoƒo geɖe va yi! Hahoo kadodowo zazã tea ŋu va zua numame eye wògblẽa ɣeyiɣi na ame hã.”—Joanna.

 Ènyaa? Hahoo kadodowo zazã zua numame na ame bɔbɔe, elabe ɖe wotrɔ asi le eŋu be wòanɔ nenema. Ame siwo trɔa asi le Internet hahoo kadoƒewo ŋu nyae be ne kadoƒea xɔ ŋkɔ eye amewo zãa ɣeyiɣi geɖe le edzia, yewoate ŋu ado boblo dɔwɔƒewo ƒe adzɔnuwo na wo eye yewoakpɔ ga geɖe wu tso wo gbɔ.

 Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòdzɔna zi geɖe be meyia hahoo kadoƒewo be maɖe modzaka vie ko kaka makpɔa, ɣeyiɣi geɖe va yia? Ðe mate ŋu azã ɣeyiɣi ma ƒe ɖe ɖe nu siwo le vevie wu ŋu hafia?’

 Nu si nàte ŋu awɔ. Ðo ɣeyiɣi si nàzã ɖe hahoo kadoƒewo ŋu, eye nàwɔ ɖe edzi.

Na seɖoƒe nanɔ ɣeyiɣi si nàzã ɖe hahoo kadoƒewo ŋu

 “Metrɔ asi le nye fona ŋu ale be eya ŋutɔ natu hahoo kadoƒea ne ɣeyiɣi si meɖo ɖe ezazã ŋua de. Esi memla ɖokuinye alea hena ɣeyiɣi aɖea, mete ŋu da sɔ le ezazã me ale be nyemegagblẽa ɣeyiɣi geɖe ɖe ezazã ŋu o.”—Tina.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.”—Efesotɔwo 5:16.

 Ðe hahoo kadodowo zazã wɔe be nyemele alɔ̃ dɔm nyuie oa?

 Numekula geɖe gblɔ be ele be sɔhɛwo nadɔ alɔ̃ gaƒoƒo enyi ya teti zã sia zã, gake mele nenema le sɔhɛ geɖe gome o. Nu si gbɔ wòtso dometɔ ɖekae nye be wonɔa Internet dzi hahoo kadoƒewo le ɣeyiɣi si me wòle be woadɔ alɔ̃.

 “Hafi mamlɔ anyia, mekpɔa nye fon dzi be nu yeye aɖe dze hã, eye kaka makpɔa, mezã gaƒoƒo geɖe tsɔ le foto kple nu siwo amewo da ɖe hahoo kadoƒea me tsam. Numame sia menyo o, eye mele agbagba dzem be maɖu edzi.”—Maria.

 Ènyaa? Ne míedɔa alɔ̃ wòsua mí oa, esia ate ŋu ana míatsi dzimaɖi eye nu nate mía ŋu. Susuŋutinunyala Jean Twenge gblɔ be nu si gbɔ wòtsona zi geɖe be amewo wɔa kpɔ̃ɔ eye dzi medzɔa wo o ye nye be womedɔa alɔ̃ wòsua wo o. Egblɔ kpee be le “ɣeyiɣi aɖe megbea,” alɔ̃madɔmadɔ nyuie ate ŋu “agblẽ nu le susua ƒe dɔwɔwɔ ŋu vevie.” a

 Bia ɖokuiwò be: ‘Gaƒoƒo nenie medɔa alɔ̃ le zã me?’ ‘Ðe menɔa Internet dzi hahoo kadodowo me tsam le ɣeyiɣi si me wòle be manɔ ɖiɖim ɖe eme be madɔ alɔ̃a?’

 Nu si nàte ŋu awɔ. Ne zã doa, mègana wò elektrɔnikmɔ̃wo nanɔ wò xɔdɔme o. Ne anya wɔa, dzudzɔ wò elektrɔnikmɔ̃wo zazã gaƒoƒo eve do ŋgɔ na wò anyimlɔɣi. Ne ehiã be nàna gaƒoɖokui nanɔ wò nyɔm le ŋdi mea, zã esi mele fon alo tablɛt dzi o.

Dzudzɔ Internet dzi hahoo kadodowo zazã xoxoxo hafi wò anyimlɔɣi naɖo

 “Ɣeaɖewoɣia, menɔa nuwo me tsam le nye fon dzi ʋuu zã tsina, gake mele agbagba dzem be maɖu numame sia dzi. Medi be maɖee afia be mele tsitsim, eye esia bia be mawɔ nu si le eteƒe. Eya ta meɖoe be madɔ alɔ̃ kaba ale be maɖi ɖe eme nyuie asu te na dɔ ɖe sia ɖe si adze ŋgɔm le ŋufɔke.”—Jeremy.

 Biblia ƒe mɔfiame: ‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’—Filipitɔwo 1:10.

 Ðe hahoo kadodowo zazã le nu gblẽm le nye seselelãme ŋua?

 Esi wobia gbe sekɛndrisuku (lycée) nyɔnuvi gbogbo aɖewoa, wo dometɔ afã kloe gblɔ be ‘enuenua, yewoléa blanui eye yewosena le yewo ɖokui me be mɔkpɔkpɔ bu ɖe yewo.’ Kuxia ƒe akpa aɖe tso Internet dzi hahoo kadodowo zazã gbɔ. Agbalẽnyalagã Leonard Sax gblɔ be: “Ne èzãa ɣeyiɣi geɖe ɖe Internet dzi hahoo kadodowo zazã ŋu eye nètsɔa ɖokuiwò sɔna kple ame bubuwoa, esia ana wòanɔ bɔbɔe be nàlé blanui.” b

 “Zi geɖea, sɔhɛwo dina be yewoatsɔ yewo ɖokui asɔ kple yewo hatiwo, eye Internet dzi hahoo kadodowo zazã nana esia wɔwɔ gava nɔa bɔbɔe wu. Etea ŋu dzɔna be nàtsɔ gaƒoƒo geɖe anɔ ŋku lém ɖe ame vovovowo ƒe fotowo ŋu ahatsɔ ɖokuiwò anɔ sɔsɔm kpli wo, alo nànɔ dzidzɔdonamenu siwo wɔm xɔ̃wòwo lea kpɔm eye nàse le ɖokuiwò me be nuwo le ye ŋu tom.”—Phoebe.

 Ènyaa? Togbɔ be Internet dzi hahoo kadodowo ate ŋu ana nànɔ kadodo me kple xɔ̃wòwo hãa, mate ŋu axɔ ɖe dzeɖoɖo ŋkume kple ŋkume teƒe o. Agbalẽnyalagã Nicholas Kardaras ŋlɔ bena: “Edze abe ne míedo ka kple amewo to elektrɔnikmɔ̃wo dzia, dzeɖoɖoa meɖoa lãme na mí abe ne míedo go wo ŋkume kple ŋkume ene o. Dzeɖoɖo to elektrɔnikmɔ̃wo dzi mekpɔa hiahiã si le mía me be míade ha kple amewoa gbɔ wòdea edeƒe o.” c

 Bia ɖokuiwò be: ‘Ne mekpɔ nu siwo wɔm xɔ̃nyewo le ƒe fotowo vɔa, ɖe wòwɔna nam be metsi akogoa?’ ‘Ne mekpɔ foto siwo xɔ̃nyewo da ɖe Internet dzi hahoo kadoƒewo eye wòdze abe wole dzidzɔ kpɔm enea, ɖe mesena le ɖokuinye me be nyemele vivi aɖeke sem le agbe me oa?’ ‘Ne meda nanewo ɖe Internet dzi hahoo kadoƒewo eye ame ʋɛ aɖewo alo ame aɖeke medo vivi ɖe eŋu oa, ɖe dzi ɖena le ƒonyea?’

 Nu si nàte ŋu awɔ. Dze agbagba nàdzudzɔ Internet dzi hahoo kadodowo zazã ŋkeke ʋɛ aɖewo, kwasiɖa ɖeka, alo dzinu ɖeka kura gɔ̃ hã. Ðo dze kple xɔ̃wòwo ŋkume kple ŋkume alo nànɔ ka ƒom na wo edziedzi. Ne èwɔe alea, anɔ eme be àva nɔ dzidzɔ kpɔm wu eye nu magate ŋuwò fũu o.

Ðe wòanya be nàzã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe xɔ̃wòwo ŋu ŋkume kple ŋkumea?

 “Esime menɔ Internet dzi hahoo kadodowo zãma, meva de dzesii be metsɔa susu ɖoa nu siwo wɔm ame bubuwo lea ŋu fũu akpa. Gake esi medzudzɔ ezazãa, mese le ɖokuinye me be agba gã aɖe do le dzinye, eye mekpɔa ɣeyiɣi ɖe nu siwo le vevie wua ŋu azɔ.”—Briana.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Ame sia ame nadzro eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me kpɔ, ekema akpɔ susu si ta wòatso aseye le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ŋu, ke menye le eɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubu me o.”—Galatiatɔwo 6:4.

a Nya sia tso agbalẽ si nye iGen me.

b Nya sia tso agbalẽ si nye Why Gender Matters me.

c Nya sia tso agbalẽ si nye Glow Kids me.