Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Aɖo Dze Kple Dzinyelawo Tso Woƒe Sededewo Ŋu?

Aleke Mawɔ Aɖo Dze Kple Dzinyelawo Tso Woƒe Sededewo Ŋu?

“Esi mexɔ ƒe 15 la, dzinyelawo ƒe sewo dzi wɔwɔ mesesẽ nam o, gake fifia si mexɔ ƒe 19 la, mekpɔe be ele be woana ablɔɖe geɖe wum.”—Sylvia.

Ðe nèsena le ɖokuiwò me abe Sylvia enea? Ne nenemae la, ke nyati sia akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàɖo dze kple dziwòlawo tso nyaa ŋu.

 Nu si wòle be nànya

Hafi nàɖo dze kple dziwòlawo ku ɖe se siwo wode na wò ŋu la, bu nya siwo gbɔna la ŋu:

  • Sededewo manɔmee la, nuwo atɔtɔ. Bu mɔdodo gã aɖe si dzi ʋuwo sɔa gbɔ ɖo la ŋu kpɔ. Nu kae adzɔ ne mɔfiadzesiwo, ʋutɔkaɖitiwo alo ʋukuse aɖeke meli o? Abe ale si ko ʋukusewo nana nuwo nɔa ɖoɖo nu le mɔdodowo dzi ene la, nenema kee dziwòlawo ƒe sededewo hã nana nuwo yia edzi nyuie le ƒomea me.

  • Dziwòlawo ƒe sededewo ɖenɛ fiana be wolɔ̃ wò. Ne womede se aɖeke na wò o la, ate ŋu afia be nu ka kee ɖadzɔ ɖe dziwò o, meka wo o. Ke ɖe esia afia be wonye dzila nyuiwoa?

ÈNYAA? Sewo li siwo dzi wòle be dziwòlawo hã nawɔ ɖo! Ne mèxɔe se o la, xlẽ 1 Mose 2:24; 5 Mose 6:6, 7; Efesotɔwo 6:4; kple 1 Timoteo 5:8.

Ke ne ègasena le ɖokuiwò me kokoko be se siwo dziwòlawo de na wò la sesẽ akpa ɖe, nu kae nàte ŋu awɔ?

 Nu si nàte ŋu awɔ

Hafi wò kple dziwòlawo miaɖo dze tso eŋu la, bu nya siawo ŋu. Ne dziwòlawo de sewo na wò la, ɖe nèwɔa wo dzia? Ne ènye ame si mewɔa dziwòlawo ƒe sewo dzi ale o la, ke menye fifiae wòle be nàbia tso wo si be woana ablɔɖe geɖe wu ye o. Anyo boŋ be nàxlẽ nyati si ƒe tanyae nye, “Nu Kae Mawɔ Be Dzinyelawo Naka Ðe Dzinye?”

Gake ne ènye ame si wɔa dziwòlawo ƒe sewo dzi la, ekema dzra ɖo ɖe nu si nàdi be yeagblɔ na wo la ŋu. Ne ède ŋugble le nya siwo nàdi be yeagblɔ na dziwòlawo ŋu nyuie la, akpe ɖe ŋuwò nànya nenye be nu si nèdi be yeabia tso wo si la sɔ. Eyome gblɔe na dziwòlawo ne woatia teƒe kple ɣeyiɣi si mi katã miate ŋu aɖe dzi ɖi le aƒo nu faa. Azɔ ne wò kple dziwòlawo mieva le dze ɖom tso nyaa ŋu la, nu siwo gbɔna nenɔ susu me na wò:

Ƒo nu na wo bubutɔe. Biblia gblɔ be: “Gbedaɖeamegbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Eya ta nya sia nenɔ susu me na wò: Ne èhe nya kple dziwòlawo alo nèbu fɔ wo be womele nu wɔm ɖe ye ŋu nyuie o la, ɖeko miaƒe dzeɖoɖoa atɔ kpe.

“Ne mede bubu dzinyelawo ŋu la, mekpɔnɛ be woawo hã wodea bubu ŋunye geɖe wu. Ne míede bubu mía nɔewo ŋu alea la, enɔa bɔbɔe be míalɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi.”—Bianca, 19.

Lé to ɖe woƒe nyawo ŋu nyuie. Biblia gblɔ na mí be ‘míaɖe abla le nusese me, eye míanɔ blewu le nuƒoƒo me.’ (Yakobo 1:19) Nenɔ susu me na wò be dze ɖom nèle kple dziwòlawo, eya ta ele be nàɖo to woawo hã, ke menye be wò ɖeka nànɔ nu ƒom o.

“Ne míele tsitsim la, míate ŋu ava nɔ sesem le mía ɖokui me be míenya nu wu mía dzilawo, gake esia menye nyateƒe kura o. Ne míewɔ woƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, eɖea vi wu.”—Devan, 20.

Se nu gɔme na wo. Dze agbagba nàse susu si tae dziwòlawo de sea na wò la gɔme. Wɔ Biblia ƒe mɔfiame si nye be ‘míaganɔ míawo ŋutɔ míaƒe nyonyo ko dim o, ke míadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo’ la dzi. Le go sia me la, efia be nàbu nu si dziwòlawo kpɔ be enyo la hã ŋu.—Filipitɔwo 2:4.

Mɔnu siawo dometɔ kae nèsusu be akpɔ nyaa gbɔ wu?

“Tsã la, mebua dzinyelawo be wotsi tsitre ɖe ŋunye, ke menye be wole nye nyonyo dim o. Gake fifia meva kpɔe be ɖeko wonɔ agbagba dzem be yewoanye dzila nyuiwo abe ale si ko nye hã menɔ ale si mawɔ ava nye ame ɖɔʋu srɔ̃m ene. Nye nyonyo ta koe wowɔ nu siwo katã wowɔ ɖo.”—Joshua, 21.

Do wò susuwo ɖa. Tsɔe be èbia tso dziwòlawo si be woaɖe mɔ na ye yeayi kplɔ̃ɖoƒe aɖe si ahiã be nàku ʋu gaƒoƒo ɖeka hafi aɖo, gake dziwòlawo gbe. Dze agbagba nànya nu si ŋu wotsi dzi ɖo—ɣeyiɣi didi si nàtsɔ aku ʋua ŋue nyaa ku ɖo loo alo kplɔ̃ɖoƒea ŋutɔ yiyi ŋue?

  • Ne ʋua kuku ŋue nyaa ku ɖo la, ke ɖe woalɔ̃ ɖe wò biabiaa dzi ne èdoe ɖa be yeaɖo ame si nya ʋukuku nyuie la gbɔa?

  • Ne kplɔ̃ɖoƒea yiyi ŋue wotsi dzi ɖo la, ɖe woalɔ̃ ɖe wò biabiaa dzi ne èna wonya ame siwo ade kplɔ̃ɖoƒea kple ɖoɖo siwo wowɔ be woatsɔ akpɔ egbɔ be nu gbegblẽ aɖeke mayi edzi oa?

Ðo ŋku edzi nàƒo nu bubutɔe eye nàgbɔ dzi ɖi aɖo to nya si le dziwòlawo si woagblɔ na wò. To wò nuƒoƒo kple nuwɔna dzi nàɖee afia be èbua “fofowò kple dawò.” (Efesotɔwo 6:2, 3) Ðe woatrɔ woƒe susua? Ðewohĩ. Gake aleke kee wòɖale o . . .

Lɔ̃ ɖe dziwòlawo ƒe nyametsotsoa dzi bubutɔe. Esia nye afɔɖeɖe vevi aɖe gake ame geɖe mekpɔnɛ dzea si o. Ne dziwòlawo melɔ̃ ɖe wò nyaa dzi o eye nète nyahehe kpli wo la, ɖeko wòagasesẽ wu be woana ablɔɖe geɖe wu wò ɣebubuɣi si miagaɖo dze tso nya siawo tɔgbi ŋu. Gake ne èlɔ̃ faa wɔ nu si wogblɔ na wò la, ɖewohĩ woadi be yewoana ablɔɖe geɖe wu wò.