Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Wòle Be Míatso Míaƒe Kadodoa Mea?—Akpa 1

Ðe Wòle Be Míatso Míaƒe Kadodoa Mea?—Akpa 1

Ɣeaɖewoɣi la, eɖea vi ne wotso kadodoa me. Bu ɖetugbuivi si nye Jill ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, enɔ dzi dzɔm nam be nye ŋugbetɔa tsia dzi ɖe ŋunye ɣesiaɣi be yeanya afi si mele, nu si wɔm mele kple nye ame siwo le teƒea. Gake eva ɖo ɣeaɖeɣi la, megadina be made ha kple ame bubu aɖeke tsɔ wu ye o. Eʋãa ŋu gɔ̃ hã ne nye kple nye ƒometɔwo míeli ɖekae, vevitɔ fofonye. Esi metso kadodoa me kplii la, ɖeko wònɔ nam abe agba gã aɖee do le dzinye ene!”

Aleae wòdzɔ ɖe Sarah hã dzie. Eva nɔ dzesi demee be John si nye ɖekakpui si yenɔ gbe ɖom ɖi kple la nye ame si ɖea alɔme le ame ŋu, edia nu geɖe akpa tso ame si, eye mebua ame o. Sarah gblɔ be: “Le fiẽ aɖe me la, etsi megbe gaƒoƒo etɔ̃ hafi va ɖo míaƒe ʋɔtru nu! Esi wòƒo ʋɔa eye danye ɖo eŋu la, mede nu eme nɛ o, ɖeko wògblɔ nam be: ‘Mídzo. Míetsi megbe.’ Le esi wòagblɔ be: ‘Metsi megbea,’ ɖe wògblɔ boŋ be: ‘Míetsi megbe.’ Ðe wòle be wòado taflatsɛ alo aɖe nu si tae wòtsi megbe ɖo la me hafi. Vevietɔ wu la, ɖe wòle be wòade bubu danye ŋu hafi!”

Ele eme baa be, mahiã kokoko be woanɔ te ɖe agɔdzedze zi ɖeka aɖe dzi atso kadodo me o ya. (Psalmo 130:3) Gake esi Sarah va kpɔe be John ƒe amemabumabua nye nu si wòwɔna ɖaa ke menye ŋuɖeɖi zi ɖeka aɖe ko o la, etso kadodoa me.

Abe Jill kple Sarah ene la, nu kae nàwɔ ne èva de dzesii be ame si yele gbe ɖom ɖi kple la mate ŋu ava nye kpeɖeŋutɔ si sɔ na ye o? Le go sia me la, mègaŋe aɖaba ƒu ale si nèse le ɖokuiwò me la dzi o! Togbɔ be ate ɖe dziwò hã la, ɖewohĩ anyo wu ne ètso kadodoa me. Lododowo 22:3 gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.”

Nyateƒee, ɖewohĩ kadodoa me tsotso manɔ bɔbɔe ya o. Gake nyae be ƒomedodo si nɔa anyi ɖaae srɔ̃ɖeɖe nye. Anyo be nàse veve hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko wu be nàkpe fu le wò agbe me katã le esi nèwɔ tiatia gbegblẽ ta!