Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Ame Sia Sɔ Nama?

Ðe Ame Sia Sɔ Nama?

Èke ɖe ame si ate ŋu ava nye wò kpeɖeŋutɔ nyui ŋua? Ne nenemae la, aleke nàwɔ anya ne ame sia sɔ na wò?

Ehiã be nàlé ŋku ɖe nu siwo yi ŋgɔ wu gotagomedzedzeme ŋu. Ne nyɔnuvi aɖe dze tugbe la, mefia kokoko be enye ame si dzi woate ŋu aka ɖo o, nenema kee ne ŋutsuvi aɖe xɔ ŋkɔ la mefia be anye agbe nyui nɔla godoo o. Àdi be yeaɖe ame si ana nàɖe dzi ɖi, ame si ƒe nɔnɔmewo kple taɖodzinuwo sɔ kple tɔwò.—1 Mose 2:18; Mateo 19:4-6.

Lé Ŋku Ðe Nu Siwo Yi Ŋgɔ Wu Gotagomedzedzeme Ŋu

Lé ŋku ɖe ame si ƒe nu lé dzi na wò la ŋu anukwaretɔe. Gake kpɔ nyuie! Ne mènya wɔwɔ o la, ɖewohĩ nu siwo nàdi be yeakpɔ la ko ŋue wò susu ava nɔ. Eya ta gbɔ dzi ɖi. Dze agbagba nàlé ŋku ɖe nɔnɔme siwo ŋutɔŋutɔ le xɔ̃wòa si la ŋu.

Ame geɖe siwo ɖoa gbe ɖi kple wo nɔewo la mekpɔa nu yia ŋgɔ wu gotagomedzedzeme o. Ke boŋ, wotsia dzi hetɔa asi nu siwo me wosɔ le la dzi, hegblɔna be: “Míelɔ̃a hadzidzi ɖeka tɔgbiwo.” “Míelɔ̃a modzakaɖeɖe ɖeka tɔgbiwo.” “Míaƒe susuwo sɔ le nu sia nu me!” Gake ahiã be nàkpɔ nu ayi ŋgɔ wu gotagomedzedzeme ko. Ehiã be nàde dzesi “dzime ƒe ame ɣaɣla” la. (1 Petro 3:4; Efesotɔwo 3:16) Le esi teƒe be wò susu nanɔ nu siwo me miesɔ le ko ŋu la, dze agbagba nànya ale si wòawɔ nui ne masɔmasɔwo do mo ɖa.

Le kpɔɖeŋu me, bu nu siwo gbɔna la ŋu:

  • Aleke ame sia kpɔa masɔmasɔwo gbɔ? Ðe wòtea tɔ ɖe eƒe susu ko dzi, ‘doa dziku’ kabakaba alo ‘daa gbe ɖe ame gbɔa’? (Galatiatɔwo 5:19, 20; Kolosetɔwo 3:8) Alo ɖee ame sia sea nu gɔmea, si fia be elɔ̃na faa ɖea asi le nya ŋu bene ŋutifafa nanɔ anyi ne nu si dzɔ la menye se aɖeke dzi dada oa?—Yakobo 3:17.

  • Ðe ame sia dzea agbagba be yeana woawɔ nu ale si yedi la kokokoa? Ðe wòdina be nàlɔ̃ ye ɖeka ko alo nye ame si ʋãa ŋua? Ðe wòdina godoo be yeanya nu sia nu si nàwɔ alo afi sia afi si nàyia? Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Nicole la gblɔ be: “Mesena be ɖekakpui kple ɖetugbui aɖewo siwo le gbe ɖom ɖi la wɔa dzre le esi ame ɖeka doa dziku be ame evelia menana yenyana afi siwo wòado ayi o ta. Mekpɔe be ema nye dzesi be kuxi aɖe li.”—1 Korintotɔwo 13:4.

  • Aleke amewo bua xɔ̃wò si nèle gbe ɖom ɖi kpli la? Anyo be nàɖo dze kple ame siwo nya xɔ̃wòa nyuie ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, abe ame tsitsi kpɔnuteƒe siwo le eƒe hamea me la ene. Woana nànya ne ame si ŋu ‘woɖia ɖase nyuie tsoe’ wònye.—Dɔwɔwɔwo 16:1, 2.