Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Mawɔ Ne Dzinyela Aɖe Le Dɔ Lém?

Nu Kae Mawɔ Ne Dzinyela Aɖe Le Dɔ Lém?

Sɔhɛ geɖe metsia dzi ɖe beléle na dɔnɔ ƒe nyawo ŋu o. Ðewohĩ ƒe geɖe megbe hafi lãmesẽkuxiwo ava nɔ fu ɖem na wo dzilawo.

Ke nu kae nàwɔ ne tɔwò alo nɔwò dze dɔ vevie esi nèkpɔtɔ nye sɔhɛ? Se sɔhɛ eve aɖewo siwo nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ sia nu ƒe ŋutinyawo ɖa.

 Nu si me Emmaline to

Nɔnye le dɔléle sesẽ aɖe si woyɔna be Ehlers-Danlos syndrome (EDS) lém. Enye dɔ vɔ̃ɖi aɖe si gblẽa nu le ame ƒe ƒunukpeƒewo, ŋutigbalẽ kple ʋukawo ŋu.

Womete ŋu daa dɔléle sia o, eye ewɔe be nu te nɔnye ŋu vevie le ƒe ewo siwo va yi me. Ɣeaɖewoɣi la, eƒe ʋu ɖiɖina kpɔtɔna ale gbegbe be eƒe agbe ɖoa afɔku me; eye ɣeaɖewoɣi hã, esea veve ale gbegbe be ɖeko wòdina be yeaku.

Yehowa Ðasefowoe míenye, eye míaƒe hamea me tɔwo nye kpekpeɖeŋutsoƒe gã aɖe na mí! Le kpɔɖeŋu me, nyitsɔ laa la, hanyeti nyɔnuvi aɖe ɖo agbalẽ ɖe míaƒe ƒomea hegblɔ be yelɔ̃ mí ŋutɔ, eye be yeli ɣesiaɣi ana kpekpeɖeŋu mí. Dzidzɔ gã ka gbegbee nye esi wònye be xɔlɔ̃ siawo tɔgbi le mía si!

Biblia hã kpe ɖe ŋunye ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, nye mawunyakpukpui veviwo dometɔ ɖekae nye Psalmo 34:18, si gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ.” Bubu hãe nye Hebritɔwo 13:6, si gblɔ be: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o.”

Mawunyakpukpui evelia sia me nyawo dea dzi gbɔ nam ŋutɔ. Nu si mevɔ̃na wue nye be nɔnye ava ku agblẽm ɖi. Melɔ̃e ŋutɔ, eye mekpɔa dzidzɔ ɖe ŋkeke ɖe sia ɖe si nye kplii míenɔ anyi ɖekae ŋu. Mawunyakpukpui ma kpe ɖe ŋunye mekpɔe be nu ka kee adzɔ le etsɔme o, ele be kakaɖedzi sẽŋu nanɔ asinye.

Gake mevɔ̃a nu bubu aɖe hã. Woxɔa EDS dɔlélea le ame dzila ŋu. Nɔnye xɔe le nɔa ŋu, eye nye hã mexɔe le nɔnye ŋu. Ta efia be, EDS le nye hã ŋunye. Gake Hebritɔwo 13:6 na meka ɖe edzi be Yehowa anye “nye kpeɖeŋutɔ” le go sia hã me.

Eya ta medzea agbagba be makpɔ ŋudzedze ɖe nu si le asinye fifia ŋu, eye be maganɔ nu siwo dzɔ va yi ŋu bum alo atsi dzi fũu ɖe etsɔme ŋu o. Dzi ate ŋu aɖe le ƒonye ne metsɔa nu siwo nɔnye te ŋu wɔna tsã le sɔsɔm kple nu siwo megate ŋu le wɔwɔm fifia o. Biblia gblɔ be nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele fifia la nye “ɣeyiɣi vi aɖe ƒe xaxa si nu mesẽ o,” ne míetsɔe sɔ kple mɔkpɔkpɔ si le mía si be míava nɔ agbe tegbee eye míagadze dɔ azɔ o.​— 2 Korintotɔwo 4:17; Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Bu nya sia ŋu: Nu kae kpe ɖe Emmaline ŋu be dzi meɖe le eƒo o? Aleke wò hã nàwɔ alé dzi ɖe ƒo ne èle nɔnɔme sesẽwo me tom?

 Nu si me Emily to

Esi menɔ sekɛndrisuku la, blanuiléledɔ dze tɔnye dzi. Dɔlélea wɔe be tɔnye trɔ zu ame bubu kura. Tso ɣemaɣi la, blanuiléle si gbɔ eme, vɔvɔ̃ madzemadzee kple dzimaɖitsitsi atraɖii ɖe kpe na tɔnye. Ele avu wɔm kplii ƒe 15 sɔŋue nye esia. Etena ɖe edzi ŋutɔ be yeléa blanui nenema gbegbe evɔ enya be naneke medzɔ si ta yealé blanui nenema hafi o.

Yehowa Ðasefowoe míenye eye míaƒe hamea me tɔwo kpena ɖe mía ŋu ŋutɔ. Míaƒe haxɔsetɔwo nyoa dɔme hesea nu gɔme na mí ale gbegbe, eye ame aɖeke mena tɔnye se le eɖokui me be yeƒe wɔƒe aɖeke megale hamea me o. Ale si tɔnye le dzi dom le eƒe nɔnɔmea me na be meva lɔ̃e vevie wu tsã.

Edzroam vevie be tɔnye naganɔ abe ale si wònɔ tsã ene​—enɔ lãmesẽ nyui me, metsia dzimaɖi ɖe naneke ŋu o, eye wònɔ dzidzɔ kpɔm. Fifia etena ɖe dzinye ŋutɔ be ele be wòanɔ avu wɔm kple seselelãme manyomanyo siwo le abe futɔ makpɔmakpɔ aɖe ene gbe sia gbe.

Ke hã, tɔnye kua kutri vevie be yealé dzi ɖe ƒo ɣesiaɣi. Nyitsɔ laa esi eƒe dɔa gaho nɛ vevie la, edzea agbagba be yeazã ɣeyiɣi vi aɖe atsɔ axlẽ Biblia gbe sia gbe, ne anye kpukpui ʋɛ aɖewo koe hã. Esia do ŋusẽe ŋutɔ. Biblia ƒe akpa sue aɖe xexlẽ gbe sia gbe nenema xɔe ɖe agbe. Mekpɔ dzidzɔ ɖe tɔnye ŋu ɣemaɣi wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe.

Nya siwo le Nehemiya 8:10 doa dzidzɔ nam ale gbegbe, afi ma gblɔ be: “Dzidzɔ si tsoa Yehowa gbɔe nye miaƒe mɔ́ sesẽ.” Nyateƒe matrɔmatrɔe wònye. Dzidzɔ si mekpɔna le nɔviwo dome ne mede kpekpeawo hele gome kpɔm le wo me la daa gbe le nye dzi si xɔ abi la ŋu. Enana agbe ɖoa menye ŋkeke bliboa katã. Tɔnye ƒe kpɔɖeŋu nyuia na mesrɔ̃e be nɔnɔme sesẽ ka ke mee mato o, Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe ŋunye.

Bu nya sia ŋu: Aleke Emily kpe ɖe tɔa ŋu esi wòdze dɔ vevie? Ne ame aɖe le blanuiléledɔ lém la, aleke nàte ŋu akpe ɖe eŋu?