Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔɖeŋuxɔwo Tutu Le “Kpedu” Me

Kpɔɖeŋuxɔwo Tutu Le “Kpedu” Me

Kpɔɖeŋuxɔwo Tutu Le “Kpedu” Me

Afrika du sia ƒe ŋkɔ gɔmeɖeɖee nye “Kpedu.” Enye du aɖe si wonya nyuie le Victoria Tsitsetse kple gbemelã hamehame siwo le eme ta. Ke hã, du sia mee blemaxɔ gãtɔwo le le Sahara ƒe anyiehe gome. Kponyigba gbadza si dzi kpe zɔzrɔ̃ewo le tso dua ƒe domedome. Ale si yame mexɔa dzo fũ le kponyigba la dzi o la na be eƒe anyigba wɔa nu eye wòde ama ŋutɔ. Du sia ŋkɔe nye Zimbabwe, afi si ame miliɔn 12 sɔŋ le.

NU KA TAE woyɔnɛ be Kpedu ɖo? Le ƒe 1867 me la, adela kple anyigbayeyedila Adam Renders va ke ɖe kpexɔ gbagbã gbogbo aɖe siwo xɔ teƒe si ade agbleka (acre) 1,800 kple edzivɔ ŋu. Enɔa tsa ɖim le Afrika-tagbawo, afi si wotsɔa anyi, ati, kple be tua xɔwoe zi geɖe le. Eva ke ɖe dugã nyadri aɖe, si woyɔna fifia be Great Zimbabwe la, ƒe glikpowo ŋu.

Dudo sia le afi si woyɔna fifia be Masvingo la ƒe anyiehe tututu. Glikpo aɖewo kɔkɔ wu meta 9, eye wonye kpe zɔzrɔ̃e siwo woɖo ɖe wo nɔewo dzi ko eye wometsɔ anyi tre wo o. Xɔ ɖivɔvɔ̃ aɖe si ƒe tame le tsutsũe si kɔkɔ meta 11 eye eƒe agunu keke meta 6 la hã le dudoa me. Va se ɖe fifia la, womenya nu si tututu tae wotu xɔ sia ɖo o. Tso keke ƒe alafa enyilia M.Ŋ. me kee dua zu dudo, gake kpeɖodziwo ɖee fia be amewo nɔ afi ma ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na esia.

Le ƒe 1980 me la, du sia si woyɔna tsã be Rhodesia xɔ ɖokuisinɔnɔ tso Britain si, eye wotrɔ ŋkɔ nɛ be Zimbabwe. Gbe evee wodona le dua me—Shona, si nye gbe si ame akpa gãtɔ dona kple Ndebele. Dua me tɔwo nye amedzrowɔlawo, abe ale si Yehowa Ðasefowo de dzesii zi geɖe le woƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔna tso aƒe me yi aƒe me mee ene. Ɣeaɖewoɣi la, ne ame aɖe nya do agoo ko la, woxɔnɛ be, “ame nege ɖe eme” eye woyia edzi be “Taflatse nɔ anyi,” hafi va nyana ame si amedzroa nye gɔ̃ hã. Zimbabwetɔ akpa gãtɔ dea bubu Biblia ŋu ŋutɔ, eye wotea tɔ ɖe edzi zi geɖe be yewo viwo nanɔ anyi aɖo to ne wole Ŋɔŋlɔawo me numedzodzrowo wɔm.

Akɔfagbedeasi Tuameɖo Aɖe Gbɔgblɔ

Le nyadzɔdzɔwo me la, “AIDS” dɔvɔ̃ kple “kuɖiɖi” woe nye nu siwo ŋu woƒoa nu tso edziedzi ne wole nu ƒom tso Zimbabwe ŋu. AIDS dɔvɔ̃a ƒe kaka gblẽ nu le ame siwo le Afrika Sahara Dzogbe ƒe anyiehe la kple woƒe gaŋutiɖoɖowo ŋu vevie. Le afi siawo la, AIDS dɔléleae nye nu si koŋ ta woxɔa amewo ɖe kɔdzi zi geɖe ɖo. Dɔléle sia gblẽ ƒome geɖe dome.

Be Yehowa Ðasefowo nakpe ɖe amewo ŋu le Zimbabwe la, wole gbeƒã ɖem vevie be agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu siwo le Biblia me nue nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Nya la fia nu be srɔ̃tɔwo koe kpɔ mɔ akpɔ gome le Mawu ƒe nunana si nye gbɔdɔdɔ la me, be Mawu meda asi ɖe ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ dzi o, eye be Yehowa ƒe sea meɖe mɔ ɖe ʋudodo alo atike muamewo zazã ɖe vivisese ta ko ŋu o. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; Romatɔwo 1:24-27; Korintotɔwo I, 7:2-5; Korintotɔwo II, 7:1) Ðasefoawo ɖea gbeƒã gbedeasi aɖe si naa mɔkpɔkpɔ ame, eye wotea gbe ɖe edzi be eteƒe madidi o Mawufiaɖuƒea aɖe dɔlélewo katã ɖa.—Yesaya 33:24.

Kpekpeɖeŋunadɔwo

Kuɖiɖi gblẽ nu le Zimbabwe dua ŋu le ƒe ewo kple edzivɔ siwo va yi me. Gbemelã geɖewo ku le dɔwuame kple tsikɔwuame ta. Nyi akpe alafa geɖewo ku. Dzo bi avetsu agbleka gbogbo aɖewo. Nunyuimakpɔɖui na ame tsitsi kple ɖevi geɖewo ku. Zambezi Tɔsisi gã la gɔ̃ hã me tsiwo mie si wɔe be elektriŋusẽtsoƒe si woɖina ɖe tsi me la megava le dɔ wɔm nyuie o.

Yehowa Ðasefowo ɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti enyi le dua ƒe akpa vovovowo be woakpɔ kuxi sia gbɔ. Dzikpɔla mɔzɔlawo yina ɖasrãa hamewo kpɔna be woate ŋu anya nu siwo tututu hiã wo. Woɖoa nyatakaka siawo ɖe kpekpeɖeŋunakɔmiti si kpɔa afi ma ƒe nyawo gbɔ la. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be: “Le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, míema bli tɔn akpe ɖeka kple edzivɔ, tɔmelã ƒuƒu tɔn ewo, eye míema ayi hã agbɔsɔsɔ ma ke. Mía nɔviwo hã trɔ asi le mufushwa [amagbe ƒuƒu] tɔn eve sɔŋ ŋu. Míema awu gbogbo aɖewo siwo amewo na, eye míena gakpekpeɖeŋuwo hã.” Dzikpɔla mɔzɔla bubu gblɔ be: “Ne mebu fu siwo míekpe hafi xɔ mɔɖegbalẽ siwo Zimbabwe kple South Africa tɔwo bia tso mía si hafi míatsɔ nuawo ava dua mee, kple ale si mɔ̃memi si hiã hena nu siawo siwo hiã vevie la lɔlɔ ayi na nɔviawo kpɔkpɔ sesẽe ŋu la, mate ŋu aƒo nya ta be míaƒe dzidzedzekpɔkpɔa nye Yesu ƒe kakaɖedzinya si wògblɔ be mía Fofo si le dziƒo la nya be nu siawo katã hiã mí la ƒe kpeɖodzi.”—Mateo 6:32.

Aleke dzikpɔla mɔzɔlawo ŋutɔ kpea akɔ kple nɔnɔmeawoe ne wole dɔ wɔm le teƒe siwo kuɖiɖi gblẽ nu le? Wo dometɔ aɖewo tsɔa nu siwo woa kple ƒome siwo gbɔ woadze la aɖu la ɖe asi. Wo dometɔ ɖeka ka nya ta be nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖewo menya nenye be yewoayi gbeƒãɖeƒe loo, alo be yewoaɖaɖo fli alala dziɖuɖua ƒe kpekpeɖeŋunu siwo wole mɔ kpɔm na vevie la o. Woɖoe be yewoaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye yewoakpɔ ale si nuawo ava yie ɖa. Dziɖuɖua ƒe kpekpeɖeŋunu aɖeke meva gbe ma gbe o.

Wowɔ ɖoɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe ŋu le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi, eye egale na nɔvinyɔnuawo be woawɔ nyametsotso ake. Ðe woayi kpekpea loo, alo ayi aɖalala kpekpeɖeŋunuawoa? Esi wotsɔ nu vevitɔwo ɖo nɔƒe gbãtɔ ta la, woyi kpekpea le Fiaɖuƒe Akpata me. (Mateo 6:33) Esi wonɔ ha dzim hena kpakpã la, wose ʋu aɖe gbɔna. Wo nɔvi Kristotɔ siwo le kpekpeɖeŋunakɔmitia me tsɔ kpekpeɖeŋunuwo va wo gbɔ ke! Ðasefo nuteƒewɔla siwo de kpekpea gbe ma gbe la kpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o, eye woda akpe vevie.

Lɔlɔ̃ La Tua Ame Ðo

Dɔmenyowɔwɔ na ame siwo menye Kristo hamea me tɔwo o la ʋu ɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ nyuiwo ɖi na nɔviawo. Le Masvingo la, dzikpɔla mɔzɔla aɖe kple Ðasefo siwo le nutoa me dometɔ aɖewo nɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm. Ekpɔ nyɔnuvi aɖe mlɔ anyi ɖe mɔ to. Ðasefoawo de dzesii be enɔ dɔ lém vevie, elabena mete ŋu nɔ nu ƒom nyuie o eye eƒe gbe me hã nɔ ƒoƒom. Nyɔnuvi sia ŋkɔe nye Hamunyari, eye le Shonagbe me la ŋkɔ sia fia “Ðe Ŋu Mekpe Mi Oa?” Nɔviawo se be eƒe subɔsubɔha me tɔ siwo yina subɔsubɔwɔna aɖewo wɔ ge le towo dzi lae gblẽe ɖe afi ma. Ðasefoawo na kpekpeɖeŋu nyɔnuvia lɔlɔ̃tɔe, eye wokplɔe yi kɔƒe aɖe si te ɖe afi ma ŋu me.

Kɔƒe ma me tɔ aɖewo dzesi Hamunyari, eya ta woɖo du ɖe eƒe ƒometɔwo be woava kplɔe. Kɔƒea me tɔwo gblɔ le Ðasefoawo ŋu be: “Subɔsubɔha vavãtɔe nye esia. Lɔlɔ̃ siae wòle be Kristotɔwo naɖe afia.” (Yohanes 13:35) Hafi nɔviawo nadzo le Hamunyari gbɔ la wonɛ trakt si ƒe tanyae nye Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua? *

Kwasiɖa si kplɔe ɖo la, dzikpɔla mɔzɔlaa yi ɖasubɔ hame siwo le nuto si me Hamunyari le la me. Edi be yeakpɔ be nyɔnuvia va ɖo aƒe me dedie hã. Ƒome bliboa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wokpɔ eya kple nɔvi siwo le nutoa me. Edzilawo gblɔ be: “Miaƒe subɔsubɔhae nye vavãtɔa. Miexɔ mía vi si wogblẽ ɖe mɔ to be wòaku la ɖe agbe.” Wobia woƒe sɔlemetɔwo be: “Ŋu mekpe mi be miegblẽe ɖi be wòaku oa?” Ðasefoawo dze Biblia me dzeɖoɖo gɔme kple Hamunyari ƒe ƒometɔwo eye wona wo Biblia-srɔ̃gbalẽwo, eye wobia tso nɔviawo si be woatrɔ ava srɔ̃ Biblia kple yewo. Ƒometɔ aɖewo siwo tsia tre ɖe Ðasefowo ŋu tsã la trɔ woƒe nukpɔsusu. Wo dometɔ ɖekae nye Hamunyari ƒe nyo, ame si nye sɔlemeha aɖe si le nutoa me la kplɔla. Elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

Tadeaguƒewo Tutu

Blemahakpanyaŋlɔla aɖe si gbɔgbɔ ʋã ŋlɔ bena: “Mawu, . . . tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, . . . le kuɖiɖinyigba, si dzi ƒu kplakplakpla, eye tsi aɖeke meli o la dzi.” (Psalmo 63:2) Aleke nya sia nye nyateƒe le Zimbabwetɔ geɖewo gomee nye esi! Togbɔ be wote ŋu le te nɔm ɖe kuɖiɖia nu hã la, tsikɔ le wo wum ɖe Mawu kple eƒe dɔmenyonyo ŋu. Nu siwo do tso Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa me la ɖo kpe esia dzi. Esime Zimbabwe xɔ ɖokuisinɔnɔ le ƒe 1980 me la, hame 476 ye nɔ anyi, eye Ðasefo siwo ade 10,000 ye nɔ wo me. Fifia ƒe 27 aɖewoe nye esia la, Ðasefo veviedonulawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi teƒe etɔ̃, eye hamewo hã ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi teƒe eve.

Hame siawo dometɔ ʋɛ aɖewo ko sie tadeaguƒewo nɔ. Le January 2001 me la, hame siwo wu 800 siwo nɔ Zimbabwe la dometɔ 98 ko sie tadeaguƒe—Fiaɖuƒe Akpata—afi siwo wokpena le la nɔ. Hame siawo dometɔ geɖe wɔa woƒe kpekpewo le atiwo gɔme, alo le anyixɔ siwo wotsɔ atiwo tu, zrɔ̃ gliawo ŋu kple anyi, hetsɔ be gbã woe la me.

To dɔmenyonunanawo kple lɔlɔ̃nu faa dɔ siwo woƒe xexea me katã ƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa wɔ dzi la, Ðasefo siwo le Zimbabwe ƒo wo ɖokui ɖe ɖoɖo aɖe si na be Fiaɖuƒe Akpata kpokploe siwo ŋu bubu le va su hame geɖe si la me. Ðasefo geɖe siwo bi ɖe xɔtutu me wɔ ɖoɖo ʋu tso duta va Zimbabwe va le kpekpem ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le afi ma la ŋu. Ðasefo aɖe si nye dua me tɔ ŋlɔ bena: “Míeda akpe na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tso dukɔ vovovowo me va Zimbabwe va kpe ɖe mía ŋu míetu Fiaɖuƒe Akpata siwo nya kpɔ ŋutɔ la vevie. Eye míeda akpa na mi nɔvi siwo katã dzɔa nu dea Fiaɖuƒe Akpata Tuga me si wɔe be wote ŋu le dɔ sia wɔm.”

Le dua ƒe ɣedzeƒe gome la, nɔviawo wɔa kpekpewo le adidoti gã aɖe te ƒe 50 sɔŋ enye esia. Esi wogblɔ na Kristotɔ hamemetsitsiwo be wole tadeaguƒe ŋutɔŋutɔ tu ge na wo la, aɖatsi ge le mo na wo dometɔ ɖeka ya teti. Hamemetsitsi aɖe si xɔ ƒe 91 si le hame aɖe si te ɖe wo ŋu me la gblɔ be: “Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia si menɔa ɣli dom na Yehowa be wòawɔ nu sia tɔgbi!”

Ame geɖewo ƒo nu tso ale si wotua xɔ nyui siawo alɔtsɔtsɔe la ŋu. Eteƒekpɔla aɖe gblɔ be: “Miawo la mietua xɔa le ŋkeke me, gake ewɔ abe Mawu hã yia etutu dzi le zã me ene!” Dɔwɔlawo ƒe ɖekawɔwɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ hã ɖe dzesi. Va se ɖe fifia la, wowu Fiaɖuƒe Akpata yeye siwo wu 350 nu le dukɔa me godoo. Esia wɔe be hame 534 tea ŋu wɔa kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata siwo wotsɔ kpewo tu me.

Wogale tadeaguƒe vevi siawo tutu dzi le Zimbabwe. Ŋugbledede tso dɔ siwo míete ŋu wɔ ŋu ʋãa mí be míetsɔa kafukafua naa Yehowa, ame si gbɔ yayra siawo tso. Nyateƒee, “ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu.”—Psalmo 127:1.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Yehowa Ðasefowoe tae

[Anyigbatata siwo le axa 9]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

ZIMBABWE

HARARE

Masvingo

Great Zimbabwe

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Xɔ tame tsutsũe la

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Concession-hamea ƒe Fiaɖuƒe Akpata yeyea

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Lyndale-hamea me tɔwo do ɖe woƒe Fiaɖuƒe Akpata yeyea ŋgɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Dudoa si me atrakpuiwo le: ©Chris van der Merwe/AAI Fotostock/age fotostock; xɔ ɖivɔvɔ̃ : ©Ingrid van den Berg/AAI Fotostock/age fotostock