Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Nàtsri Nu Gbɔme Wɔwɔ?

Nu Ka Tae Nàtsri Nu Gbɔme Wɔwɔ?

Nu Ka Tae Nàtsri Nu Gbɔme Wɔwɔ?

YEHOWAE nye ame si koŋ da sɔ bliboe. “Eƒe nuwɔwɔ de blibo,” eye eƒe tohehe me mesẽna akpa o, elabena etsɔa nublanuikpɔkpɔ kpena ɖe eŋu ɣesiaɣi. (Mose V, 32:4) Eƒe lɔlɔ̃ sɔna ɣesiaɣi, elabena ewɔa nu wòwɔa ɖeka kple eƒe se debliboawo. (Psalmo 89:15; 103:13, 14) Wowɔ mía dzila gbãtɔawo woda sɔ le goawo katã me. Womewɔa nu wògbɔa eme gbeɖe o. Gake nu vɔ̃ me dzedze na be gbegblẽƒe—si nye blibomademade—va le wo ŋu, si wɔe be wobu dadasɔ ma.—Mose V, 32:5.

Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Eɖo ʋu alo do keke si ƒe taya ƒe afi aɖe ho ɖe dzi alo to kɔ kpɔa? Ðikekemanɔmee la, gbegblẽƒea awɔe be ʋua nanɔ zɔzɔm glidzaglidza eye ate ŋu ana woadze afɔku. Ele be woadzra taya sia ɖo hafi woava gblẽ ɖe edzi alo be ya nado le eme keŋkeŋ. Nenema kee míaƒe blibomademadewo wɔnɛ be míewɔa nu wògbɔa eme. Ne míeɖe mɔ “gbegblẽƒe” sia va keke ta la, míaƒe agbemɔa dzi zɔzɔ ate ŋu asesẽ, alo ana míadze afɔku gɔ̃ hã.

Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu aɖe míaƒe nɔnɔme nyuiwo, alo ŋutetewo afia wòagbɔ eme. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Mose ƒe Sea bia tso Israel viwo si be woade gbowo woƒe awuwo toga hã, esi Farisitɔ siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli dina be yewoaɖe dzesi le amewo dome ta la, “wowɔa woƒe awutogbowo wololona” gbɔa eme. Susu si ta wowɔa esia ɖoe nye be yewoadze ame kɔkɔewoe wu yewo haviwo.—Mateo 23:5; Mose IV, 15:38-40.

Egbea ame aɖewo toa mɔ sia mɔ dzi bene amewo nakpɔ yewo, eye wowɔa nu siwo nana amewo kea nu ɖe te gɔ̃ hã. Ne míagblɔe la, esia sɔ kple ɣlidodo sesĩe be: “Mikpɔm ɖa! Nye hã amee menye!” Gake nuwɔwɔ wòagbɔ eme le awudodo, agbenɔnɔ, kple nuwɔna gome makpɔ Kristotɔ ƒe nuhiahiã ŋutɔŋutɔwo gbɔ o.

Dadasɔ Le Dɔwɔwɔ Me

Ame ka kee míeɖanye loo alo afi ka kee míeɖale o, dɔ ɖɔʋu wɔwɔe nye nu siwo nana míekpɔa dzidzeme le agbe me la dometɔ ɖeka. Wowɔ mí be míakpɔ dzidzɔ le dɔ sia wɔwɔ me. (Mose I, 2:15) Le esia ta, Biblia tsi tre ɖe kuviawɔwɔ ŋu. Apostolo Paulo gblɔe tẽ be: “Ne ame aɖe melɔ̃ be, yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã o.” (Tesalonikatɔwo II, 3:10) Le nyateƒe me la, menye koɖoɖo kple dzidzɔmakpɔmakpɔ koe alɔ gblɔlɔ wɔwɔ le dɔ ŋu hena vɛ o, ke boŋ ewɔnɛ hã be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu o.

Ame geɖewo ya wɔa dɔ wògbɔa eme, wova zua dɔ tsu wɔlawo eye wotsɔa wo ɖokui wɔa kluvi na woƒe dɔawo. Wodzona le aƒe me hafi koklo kua atɔ, eye wotrɔna gbɔna zãtiƒe hesusunɛ be yewoƒe ƒomea ƒe nyonyo ta koe yewole dɔa wɔm nenema ɖo. Gake le nyateƒe me la, wo ɖokui katã ƒoƒo ɖe dɔ me nenema ate ŋu agblẽ nu le woƒe ƒomea ŋu. Srɔ̃nyɔnu aɖe si srɔ̃ tsia dɔ me gaƒoƒo geɖe enuenue la gblɔ be: “Ne wobe maɖe asi le nu siwo katã le aƒe gã sia me ŋu bene srɔ̃nye nanɔ mía kple mía viwo gbɔ la mawɔe kple dzidzɔ.” Ele be ame siwo tiae be yewoanɔ dɔ wɔm le kpakpã vɔ megbe la nade ŋugble tso Fia Salomo ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ sia si wòɖe gblɔ la ŋu vevie: “Esi metrɔ kɔ ɖe dɔ, siwo katã nye asi wɔ, kple agbagba, siwo medze ɖe wo ŋu ŋuti la, kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye, eye viɖe aɖeke mele ɣe la te o.”—Nyagblɔla 2:11.

Edze ƒã be, ele be míatsri kuviawɔwɔ kple dɔ tsu wɔwɔ siaa. Míate ŋu anye dɔwɔla veviedonulawo, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la wòanɔ susu me na mí be kluvizuzu na dɔ agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ alo nu si wu ema gɔ̃ hã me.—Nyagblɔla 4:5, 6.

Tsri Modzakaɖeɖe Si Gbɔ Eme

Biblia gblɔ ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu be: “Ameawo lanye . . . amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” (Timoteo II, 3:2, 4) Modzakaɖeɖe yometiti va zu dɔwɔnu vevi siwo Satana tsɔ hea amewo ɖa tso Mawu gbɔe la dometɔ ɖeka. Ame geɖe va le gome kpɔm le modzakaɖeɖe kple kamedefefe siwo me afɔku le la me ŋutɔ. Wogale modzakaɖeɖe siawo ƒomevi yeyewo tom vɛ, eye nenema ke ame siwo kpɔa gome le wo me la hã le dzidzim ɖe edzii. Nu ka tae amewo le vivi dom ɖe nu siawo ŋu nenema ɖo? Esi ame geɖe mele dzidzeme kpɔm le woƒe agbe me o tae woyi edzi le nu siwo ado dzidzɔ na wo wu la yome tim ɖo. Gake dzidzɔkpɔkpɔ alea nana wogadea woƒe agbe afɔku me ɖe edzi. Kristotɔ ɖɔŋuɖowo tsria kamedefefe siwo me afɔku le, le esi wodea bubu agbe kple Enala siaa ŋu ta.—Psalmo 36:10.

Esi Mawu wɔ ame eve gbãtɔawo la, afi kae wòda wo ɖo? Eda wo ɖe abɔ si woyɔna be Eden, si gɔmee nye “Dzidzɔkpɔkpɔ,” la me. (Mose I, 2:8) Edze ƒã be agbe si me dzidzɔ kple vivisese le hã kpe ɖe tame si Yehowa ɖo ɖe ameƒomea ŋu la ŋuti.

Yesu ɖo modzakaɖeɖe si da sɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Etsɔ eɖokui ɖo anyi na Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, eye medzudzɔ agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe se kple gɔmeɖosewo nu kpɔ o. Esime ɖeɖi te eŋu gɔ̃ hã la, ekpɔ ɣeyiɣi ɖe ame siwo le hiã me la ŋu. (Mateo 14:13, 14) Le esiawo katã me la, ne ame aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu la, eyina eye edia ɣeyiɣi hã hena modzakaɖeɖe kple ɖiɖiɖeme. Ke hã, enyae be esia wɔwɔ na be ame aɖewo nɔa ye kpɔm ɖe ƒomevii. Woyɔe be: “Nutsuɖula kple ahatsunola.” (Luka 7:34; 10:38; 11:37) Gake Yesu mebui be mawusosroɖa vavãtɔ bia be woatsri modzakaɖeɖewo katã le agbe me o.

Eya ta nunya anɔ eme be míatsri nu gbɔme wɔwɔ le modzakaɖeɖe me. Agbeɖuɖu kple modzakaɖeɖe tsɔtsɔ ɖo dɔe le agbe me mehea dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vanɛ o. Ate ŋu ana míaŋe aɖaba aƒu nu siwo le vevie wu la dzi, eye wo dometɔ ɖekae nye mía kple Mawu dome ƒomedodoa. Ke hã, mele be míate dzidzɔdonamenuwo katã mía ɖokui alo anɔ nya hem ɖe amewo ŋu ne wokpɔa gome le wo me le mɔ si sɔ nu o.—Nyagblɔla 2:24; 3:1-4.

Kpɔ Dzidzɔ To Agbe Si Da Sɔ Nɔnɔ Me

Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Mí katã míeda vo le nu geɖewo me.” (Yakobo 3:2) Esi míele agbagba dzem be míatsri nu gbɔme wɔwɔ la, míava kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míada asɔ ɣesiaɣi? Ele be mianya míaƒe ŋutetewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Nu siawo nyanya mele bɔbɔe o. Ate ŋu adzɔ be míaƒe nuwɔna nanɔ eme gbɔm le go aɖe me le míaƒe manyamanya me. Nunya anɔ eme be míanɔ Kristotɔ tsitsiwo ŋu kplikplikpli ahaxɔ woƒe aɖaŋuɖoɖo siwo da sɔ. (Galatiatɔwo 6:1) Míate ŋu abia xɔlɔ̃ vavã aɖe alo hamemetsitsi bibi aɖe be wòaɖo esia ŋuti aɖaŋu na mí. Aɖaŋuɖoɖo siawo siwo wotu ɖe Biblia dzi kpakple Ŋɔŋlɔawo ŋutɔ ate ŋu anɔ na mí abe “ahũhɔ̃e” ene, si akpe ɖe mía ŋu míanya ale si tututu Yehowa kpɔa míi.—Yakobo 1:22-25.

Dzidzɔtɔe la, míate ŋu atsri nu gbɔme wɔwɔ. Míaƒe agbadzedze vevie kple Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míada asɔ, eye esia awɔe be míazu dzidzɔmewo. Mía kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo dome ƒomedodo me aganyo ɖe edzi awu, eye míanye kpɔɖeŋu nyuiwo gɔ̃ hã na ame siwo míeɖea gbeƒã na. Ƒo wo katã ta la, míanɔ Yehowa, mía Mawu lɔ̃ame si da sɔ la, srɔ̃m nyui wu.—Efesotɔwo 5:1.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

©Greg Epperson/age fotostock