Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Míaƒe Anyigba Dzeani La Ŋu

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Míaƒe Anyigba Dzeani La Ŋu

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Míaƒe Anyigba Dzeani La Ŋu

ƔLETIVI ŋu nunyalawo kpɔe be xexe gbahoo la ƒe akpa nyaŋui aɖe koe míaƒe anyigba la nye. Womegakpɔ nu gbagbewo le xexea bliboa ƒe akpa bubu aɖeke o. Anyigba la dzi koe nu vevi siwo hiã hena agbenɔnɔ la le.

Gawu la, míate ŋu ase vivi le agbe me le anyigba dzeani sia dzi. Aleke wòvivinae nye esi ne ɣe de dzo lãme na mí le gbe si gbe vuvɔ le wɔwɔm! Mía dometɔ kae mekpɔa dzidzɔ ne ekpɔ agudzedze kple ɣe ƒe amigogbagba si nya kpɔna ŋutɔ la o? Gake menye ɖeko ɣea na míesea vivi le lãme ko o, ke boŋ ehiã vevie hafi míate ŋu anɔ agbe.

Ƒe miliɔn geɖee nye esia si ɣea ƒe nuheŋusẽ lé anyigba la kple ɣletinyigba bubuwo ɖe wo nɔƒewo, eye wole xlã ƒomee. Eye abe ale si sukuviwo srɔ̃nɛ le suku ene la, míaƒe ɣea kple eŋuɣletinyigbawo katã ƒoa xlã Masa ɣletivihatsotso (Milky Way) ƒe titina. Gake le míaƒe ɣletivihatsotsoa me la, ɣletivi biliɔn 100 kple edzivɔ siwo le azɔli sia dzi la dometɔ ɖeka koe ɣea nye.

Nuheŋusẽ te Masa ɣletivihatsotsoa kple ɣletivihatsotso 35 bubuwo ƒo ƒu wozu ɣletivihatsotso ƒokpli ɖeka. Ɣletivihatsotso akpe geɖewoe le ɣletivihatsotso ƒokpli gãwo me. Míaƒe ɣea kple eŋuɣletinyigbawo mate ŋu anɔ ɖoɖo nyui nu alea ne ɖe wòle ɣletivihatsotso ƒokpli gã siwo me ɣletivihatsotsowo sɔ gbɔ ɖo kpaŋkpaŋ la me o. Guillermo Gonzalez kple Jay W. Richards gblɔ le woƒe agbalẽ si nye The Privileged Planet me be ɣletinyigba ʋɛ aɖewo koe le yamenutowo me “si dzi wobu be míaƒe agbe wɔnuku sia tɔgbe ate ŋu anɔ.”

Ðe nu gbagbe siwo le ɣletinyigba sia dzi la dzɔ le vome, alo nye nudogoɖenunu aɖe si dzɔ to “nane ƒe wòwó kpoyi” mea? Alo ɖe gɔmesese si yi ŋgɔ wu le ale si nu gbagbe siwo le Anyigba dzeani sia dzi wɔ va dzɔ ŋua?

Ame geɖe va kpɔe dze sii be ɖe wowɔ anyigba si dzi míele la koŋ be nu gbagbewo nate ŋu anɔ edzi. * Ƒe alafa geɖe enye esia la, Hebritɔ hakpanyaŋlɔla aɖe ŋlɔ nu tso anyigba kple dziƒowo ŋu. Eŋlɔ bena: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nuka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?” (Psalmo 8:4, 5) Hakpanyaŋlɔla sia xɔe se be Wɔla aɖe li kokoko. Ðe nyataƒoƒo sia sɔ le egbexexe si de ŋgɔ le mɔ̃ɖaŋuŋutinunya me la mea?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Kpɔ Psalmowo ƒe agbalẽa, vevietɔ Psalmo 8 lia.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Numekugbalẽ si ŋkɔe nye The Illustrated Science Encyclopedia—Amazing Planet Earth gblɔ be: “Anyigba klẽna le yame si do viviti la me abe kpe xɔasi blɔ aɖe ene ne wokpɔe tso didiƒe.”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Anyigbaa: U.S. Fish & Wildlife Service, Washington, D.C./NASA