Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Exlẽlawo Bia Be . . .

Nu Ka Tae Ame Aɖewo Meɖua Kristmas O?

Nu Ka Tae Ame Aɖewo Meɖua Kristmas O?

Le xexea me godoo la, ame biliɔn eve kloe ɖua Kristmas ƒe sia ƒe le December 25 lia dzi, eye ame miliɔn 200 ya teti ɖua Yesu Kristo ƒe dzigbezã le January 7 lia dzi. Ke hã, ame miliɔn geɖewo hã li siwo meɖua Kristmas o. Nu ka tae?

Le wo dometɔ aɖewo gome la, esi womele subɔsubɔha siwo be yewonye Kristotɔwo la dometɔ aɖeke me o tae. Wo dometɔ aɖewo nye Yudatɔwo, Hindutɔwo, alo Shintotɔwo. Mawudzimaxɔselawo kple ame bubu siwo kea ɖi nenye be Mawu li la bua Kristmas ƒe ŋutinya la be enye nyakpakpa dzro aɖe ko.

Ke hã, nukutɔe la, ame geɖe li siwo xɔ Yesu dzi se, gake womekpɔa gome le Kristmas kple Ƒe Yeye zãwo ɖuɖu me o. Nu ka tae? Susu ene aɖewo ya teti tae.

Gbãa, womexɔe se be wodzi Yesu le December alo January me o. Biblia meyɔ ŋkeke si tututu dzi wodzii o. Ke boŋ ɖeko wògblɔ be: “Alẽkplɔlawo hã nɔ nuto ma ke me le gbedadaƒo, nɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm le zã me. Kasia, Yehowa ƒe dɔla va tsi tsitre ɖe wo gbɔ, eye . . . mawudɔla la gblɔ na wo be: ‘. . . Wodzi Xɔla, si nye Kristo Aƒetɔ la, na mi egbea le David ƒe du la me.’”—Luka 2:8-11.

Kpeɖodziwo ɖee fia be anye October ƒe gɔmedzedze lɔƒo, si nye ɣeyiɣi si me alẽkplɔlawo tsia gbe dzi kple woƒe alẽwo le zã me la, mee wodzi Yesu. Le ƒea me la, December kple January mee vuvɔ wɔna wu le Betlexem ƒe nutowo me. Eya ta be vuvɔ nagawɔ alẽawo le zã me o la, alẽkplɔlawo kplɔa alẽawo dea kpo.

Susu evelia: Yesu ƒe kua ƒe ŋkuɖodzi koe wòde se na eyomedzelawo tẽe be woatsɔ aɖo ŋku ye dzi ke menye eƒe dzigbe o, eye wòfia wo be woawɔ esia to wɔna bɔbɔe aɖe si me woɖua nu le ha me le la dzi. (Luka 22:19, 20) De dzesii hã be Marko kple Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽawo meƒo nu tso Yesu ƒe dzidzi ŋu o.

Yesu ƒe kua ƒe ŋkuɖodzi koe wòde se na eyomedzelawo tẽe be woatsɔ aɖo ŋku ye dzi ke menye eƒe dzigbe o

Susu etɔ̃lia: Kpeɖodzi aɖeke meli si fia be Kristotɔ gbãtɔwo ɖu Kristo ƒe dzigbezã o. Gake woɖo ŋku eƒe kua ya dzi. (1 Korintotɔwo 11:23-26) Ƒe 300 kple edzivɔ sɔŋ le Yesu dzidzi megbe hafi ame siwo be yewonye Kristotɔwo la de asi Kristmas ɖuɖu me le December 25 lia dzi. Eɖe dzesi be le ƒe alafa 17 liawo ƒe titina lɔƒo la, England ƒe sewɔtakpekpea de se ɖe Kristmas ɖuɖu nu. Ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe (Massachusetts General Court) si le United States hã ɖe afɔ sia. Nu ka tae? Agbalẽ si nye The Battle for Christmas gblɔ be: “Biblia alo ŋutinya me kpeɖodzi aɖeke meli si fia be wodzi Yesu le December 25 lia dzi o.” Egblɔ kpee be le Puritan xɔsehaa me tɔwo gbɔ la, “Trɔ̃subɔlawo ƒe azã si wole yɔyɔm be Kristotɔwo ƒe azã la koe Kristmas nye.”

Esia kplɔ mí va susu enelia gbɔe: Afi si Kristmas dzɔ tso la ŋu mekɔ o. Blema Romatɔ trɔ̃subɔlawo ƒe azã siwo woɖuna tsɔ dea bubu agbledede mawu Saturn kple ɣemawu Sol Invictus, alo Mithra la ƒe kɔnuwo mee Kristmas dzɔ tso. Mawunyaŋutinunyala Christian Rätsch kple Claudia Müller-Ebeling gblɔ le agbalẽ aɖe (Pagan Christmas) si wo ame evea ŋlɔ me be: “Abe ale si wòle le kɔnu kple dzixɔse geɖe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli gome ene la, blematɔwo ƒe azã si me woɖoa ŋku ale si ɣea gadona wokpɔna ƒe sia ƒe lae wotrɔ wòzu Kristo ƒe dzigbezãɖuɖu.”

Ðe numedzodzro siawo na nèkpɔ nu si tae Kristotɔ vavãwo meɖua Kristmas ɖo oa?