Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nunana Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nunana Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia de dzi ƒo na mí be míana nu amewo tso dzi me faa, ke hã, míawɔe kple susu nyui. Biblia ɖee fia hã be nunana tso dzi me faa alea ɖea vi na nunalaa kple ame si wona nu lae. (Lododowo 11:25; Luka 6:38) Yesu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

 Ɣekaɣie ame ƒe nunana dzea Mawu ŋu?

 Ne ame naa nu tso dzi me fãa la, edzea Mawu ŋu. Biblia gblɔ be: “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.”—2 Korintotɔwo 9:7.

 Nunana tso dzi me nye “subɔsubɔ” si míetsɔna naa Mawu la ƒe akpa aɖe eye esia dzea eŋu. (Yakobo 1:27) Ame si kpena ɖe ame siwo le hiã me ŋu tso dzi mea ƒe nu dzea Mawu ŋu eye ɖeko wòle abe ɖe amea le nu dom na Mawu ene. (Lododowo 19:17) Biblia ɖee fia be Mawu aɖo eteƒe na nunalaa.—Luka 14:12-14.

 Ɣekaɣie ame ƒe nunana medzea Mawu ŋu o?

 Ne ɖokuitɔdidi tae amea le nu nam ɖo. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiawo:

 Ne ame na nu tsɔ kpe asi ɖe nuwɔna siwo Mawu lé fui la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, enye nu gbegblẽ be wòana ga ame wòatsɔ ada tsatsa, aƒle atike vɔ̃ɖi azã alo atsɔ amu aha. (1 Korintotɔwo 6:9, 10; 2 Korintotɔwo 7:1) Nenema kee mesɔ be wòana ga ame aɖe si si ŋutete le be wòate ŋu awɔ dɔ gake wògbe dɔwɔwɔ la o.—2 Tesalonikatɔwo 3:10.

 Ne ame naa nu ame bubuwo evɔ mekpɔa eya ŋutɔ ƒe ƒome dzi o. Biblia fia nu be ele be ƒome ƒe tawo nakpɔ woƒe ƒomewo ƒe nu hiahiãwo gbɔ. (1 Timoteo 5:8) Masɔ be ƒome ƒe ta nanɔ nu nam ame bubuwo evɔ wòagblẽ eya ŋutɔ ƒe ƒomea ya ɖi woanɔ fu kpem o. Nenema kee Yesu bu fɔ ame siwo gbe be yewomakpɔ yewo dzila tsitsiwo dzi o eye wonɔ gbɔgblɔm be yewotsɔ nu siwo katã le yewo si la “ɖe adzɔgbe na Mawu.”—Marko 7:9-13.