NYƆ! July 2015 | Èle Ta Kpɔm Na Wò Agbea?

Ðe wòwɔ abe mele ta kpɔm na wò agbe o enea? Kpɔ ale si nàwɔ anɔ te ɖe nɔnɔmeawo nui ɖa.

NYATI SI LE AKPAA DZI

Èle Ta Kpɔm Na Wò Agbea?

Mele be nɔnɔme sesẽ siwo míele mɔ kpɔm na wo nana wɔna navɔ le mía ŋu kokoko o.

NYATI SI LE AKPAA DZI

Kuxia: Nɔnɔme Siwo Ŋu Màte Ŋu Awɔ Naneke Le O

Nu ene aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋutiwò ne ewɔ abe èle nɔnɔme aɖewo siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o me tom le agbe me ene.

NYATI SI LE AKPAA DZI

Kuxia: Nuwo Do Agbogbo Ðe Dziwò

Ne èdi be yeawɔ nu sia nu la, ke màte ŋu awɔ ɖeke koŋ o. Aleke nàwɔ aɖe nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔ?

NYATI SI LE AKPAA DZI

Kuxia: Seselelãme Ðefunamewo

Ðe dzimaɖitsitsi, dzikudodo kple blanuiléle ɖe kpe na wòa? Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wo nu.

NYATI SI LE AKPAA DZI

Àte Ŋu Akpɔ Ta Na Wò Agbea?

Nu si nàwɔ akpɔ ta na wò agbe ate ŋu anɔ bɔbɔe wu ale si nèsusui.

LANDS AND PEOPLES

Tsaɖiɖi Yi Mongolia

Du si wona ŋkɔ be “Dziŋgɔli Blɔ Ƒe Anyigba” me tɔwo nye tsatsalawo eye woƒe amedzrowɔwɔ mebɔ o.

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU

Ne Ŋugbedodo Me Gblẽ

Aleke nàwɔ wò dzi nafa ne wò dzi gbã vevie esi miaƒe ŋugbedodo me gblẽ ta?

NU SI BIBLIA GBLƆ

Dɔwɔwɔ

Dɔ ɖe sia ɖe ƒomevie nyoa?

Asrãdɔ—Nu Si Wòle Be Nànya Tso Eŋu

Àte ŋu akpɔ ɖokuiwò ta ne èle nuto si me asrãdɔ bɔ ɖo la me alo nèwɔ ɖoɖo be yeayi nuto ma me.

WAS IT DESIGNED?

Lo Ƒe Glã

Lo tea ŋu ɖua nu siwo sesẽ zigbɔzi etɔ̃ wu esiwo dzatawo alo kpɔ̃wo tea ŋu ɖuna, ke hã etea ŋu dea vovototo nu siwo le nu me nɛ la dome. Aleke wòwɔnɛ?

Internet Dzi Nu Bubuwo

Fififi Menyo O

Aleke Mawu bua fififii? Xlẽ 2 Mose 20:15. Kpɔ video sia nàsrɔ̃ nu tso Kaleb gbɔ.