Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI BIBLIA GBLƆ

Dɔwɔwɔ

Dɔwɔwɔ

Togbɔ be blemagbalẽe Biblia nye hã la, emenyawo ɖea vi ɣesiaɣi. Nya si wògblɔ tso dɔwɔwɔ ŋu la gasɔ na míaƒe ɣeyiɣia egbea abe ale si ko wòsɔ na Biblia-ŋlɔɣi me tɔwo ene.

Susu nyui kae wòle be wòanɔ mía si ɖe dɔwɔwɔ ŋu?

NYA SIWO AME AÐEWO GBLƆNA

Dɔkpɔkpɔ mele bɔbɔe o, eya ta ne èkpɔ ɖe la, ele be nàtsɔe vevie wu nu sia nu le agbe me. Tamebubu alea wɔe be ame aɖewo vuna ɖe woƒe dɔwɔɖui ŋu ale gbegbe be womegatsɔa ɖeke le woƒe ƒomea kple woawo ŋutɔwo ƒe lãmesẽ me o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia dea dzi ƒo na mí be míada asɔ le dɔwɔwɔ gome. Eƒo nu nyui tso kutrikuku ŋu, eye wògblɔ be míatsri kuviawɔwɔ. (Lododowo 6:6-11; 13:4) Ke hã Biblia mede dzi ƒo na mí be míanye dɔ tsu wɔlawo o. Ede dzi ƒo na mí boŋ be míadi ɣeyiɣi aɖe modzaka si da sɔ hã. Nyagblɔla 4:6 gblɔ be: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asiʋlo eve.” Eya ta mele be míavu ɖe dɔwɔwɔ ŋu ale gbegbe be míado kpo ɖetsɔtsɔ le míaƒe ƒomea kple míaƒe lãmesẽ me o. Meɖea vi aɖeke ne míewɔa dɔ ɖeɖi tea ŋu mía ŋu belibeli o!

“Naneke menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le dɔ sesẽ siwo wòwɔna la ta o.”Nyagblɔla 2:24.

Dɔ ɖe sia ɖe ƒomevie nyoa?

NYA SIWO AME AÐEWO GBLƆNA

Ne fetua nya nyo ko la, efia be dɔa nyo. Tamebubu alea kple gakpɔkpɔ bɔbɔe ƒe dzodzrowo wɔe be ame aɖewo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe nu fitifitiwo wɔwɔ me eye wowɔa dɔ siwo mele se nu o gɔ̃ hã.

Le ame aɖewo hã gome la, dɔ siwo ana woanɔ dzidzɔ kpɔm ɣesiaɣi ko wodina. Ne menye dɔ mae wole mɔ kpɔm na be yewoawɔ o alo dɔa menana wozãa woƒe ŋusẽ atraɖii o la, dɔa tia wo. Esia wɔe be wobua woƒe dɔwɔɖuia be menyo o, eye womedoa vevie dɔa wɔna o. Wogbea dɔ aɖewo gɔ̃ hã wɔwɔ, elabe wobua dɔ mawo be wonye dɔ tsɛwo.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia meda asi ɖe dɔ siwo lɔ nu fitifiti wɔwɔ ɖe eme kple dɔ siwo me tsonuwo agblẽ nu le amewo ŋu le mɔ aɖe nu la dzi o. (3 Mose 19:11, 13; Romatɔwo 13:10) Dɔ nyui ɖea vi na ame bubuwo eye wònana be “dzitsinya nyui” nɔa dɔa wɔlaa ŋutɔ si.—1 Petro 3:16.

Biblia gafia mí hã be taɖodzinu nyui aɖe le dɔwɔwɔ ŋu, eya koŋue nye be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ míawo ŋutɔ kple míaƒe ƒomea ƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ, ke menye be míado dzidzɔ na mía ɖokuiwo ko o. Togbɔ be naneke megblẽ le dzidzɔkpɔkpɔ ɖe míaƒe dɔwɔɖuia ŋu ŋu o hã la, mele be míana míaƒe dɔwɔɖuia nanye nu vevitɔ na mí le agbe me o.

“Nu geɖe le fofonye dzi wòwɔna. Eƒe dɔwɔɖuia kple agbanɔamedzi bubu siwo gale esi le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me míele la me. Fofonye doa vevie dɔ. Ewɔa dɔ siwo katã le edzi vɔna, eye wògakpɔa vovo ɖe nye kple nɔvinye nyɔnua kple mía dada hã ŋu. Dɔ geɖe nɔa papa dzi ɣesiaɣi, gake eda sɔ le dɔ siawo kple nu bubuwo wɔwɔ me.”—Alannah.

Enye nyateƒe be nuwo ƒe asixɔxɔ ate ŋu ana be míatsi dzi ɖe ale si míawɔ akpɔ míaƒe agbemenuhiahiãwo ŋu, gake Biblia gblɔ na mí be míada asɔ. Egblɔ be: “Ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.” (1 Timoteo 6:8) Nya mawo mefia be míate nu nyuiwo mía ɖokuiwo le agbe me o. Ke boŋ míanya nu siwo míate ŋu aƒle le míaƒe ŋutete nu, eye míada asɔ le nu agbɔsɔsɔ si míate ŋu aƒle hã gome.—Luka 12:15.

ALE SI NYA SIA KA WÒE

Ku kutri le wò dɔwo wɔwɔ me. Tsɔ ɖe le dɔa me vevie. Ne ewɔna na wò be dɔa le tsɛe na ye akpa alo menye dɔ mae yedi be yeawɔ le agbe me o hã la, dze agbagba nàbi ɖe eme. Veviedodonu ana nàse le ɖokuiwò me be yele nu vevi aɖe wɔm le agbe me, eye ne ètu wò dɔwɔɖaŋu ɖo wòganyo ɖe edzi la, àse vivi na dɔa geɖe wu.

Gake ehiã be nàda asɔ hã. Gbɔ ɖe eme eye nàɖe modzaka hã ɣeaɖewoɣi. Eye ne míewɔ dɔ kutrikukutɔe hafi va le nu siawo wɔm la, míegasea vivi na wo wu gɔ̃ hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míetea ŋu kpɔa míaƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ la, míesena le mía ɖokuiwo me be viɖe le mía ŋu le agbe me eye míaƒe ƒomea kple ame bubuwo hã bua mí.—2 Tesalonikatɔwo 3:12.

“Migatsi dzimaɖi gbeɖe agblɔ be: ‘Nu kae míaɖu?’ alo ‘Nu kae míano?’ alo ‘Nu kae míado?’ hã o. . . . Mia Fofo si le dziƒo la nyae be nu siawo katã hiã mi.”Mateo 6:31, 32.