Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Lo Ƒe Glã

Lo Ƒe Glã

LO ƑE glã sesẽ wu lã siwo katã li tɔ. Le kpɔɖeŋu me, tɔmelo si le Australia lɔƒo tea ŋu ɖua nu siwo sesẽ zigbɔzi etɔ̃ wu esiwo dzatawo alo kpɔ̃wo tea ŋu ɖuna. Gake nukutɔe, ne lo ɖo aɖu nuwo dzi la, etea ŋu dea vovototo wo me, eye eƒe ŋutete sia wu ale si amegbetɔwo ƒe asibidɛnu tea ŋu nana wonyaa nu siwo ŋu woka asii la gɔ̃ hã. Aleke wòwɔa esiae esi eƒe ŋuti le ƒlatsaa nenema gbegbe?

Lãmenusenu akpe geɖewo le lo ƒe glã ŋu. Esi numekula Duncan Leitch ku nu me tso lo ƒe glã ŋu megbe la, egblɔ be: “Lãmeka wluiwluiwluiwo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nugbɔ le do aɖe si le eƒe tago me la me.” Esia kpɔa lãmeka siwo le eƒe glã ŋu la ta eye wònana hã be eƒe aɖu dea vovototo nuwo me. Ale si wòtea ŋu dea vovototo nuwo me nu sẽ le eƒe teƒe aɖewo ale gbegbe be womate ŋu atsɔ mɔ̃ adzidzee o. Esia wɔe be ne nane le nu me na lo la, etea ŋu nyana nenye nuɖuɖue loo alo nu bubu aɖee. Esia ke tae ne lonɔ kɔ via ɖe nu me la, etea ŋu nyana be ye vie eye meɖunɛ o. Ŋusẽ le lo ƒe glã kple eƒe aɖuwo ŋu, gake etea ŋu dea vovototo nuwo me hã.

Nu kae nèsusu? Ðe lo ƒe glã la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?