Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO

Ne Ŋugbedodo Me Gblẽ

Ne Ŋugbedodo Me Gblẽ

KUXIA

“Mesusu be meke ɖe ame si sɔ nam la ŋu. Megblɔ na ɖokuinye be ‘Nye kple ame sia koe aku.’ Gake esi míezɔ ɣleti eve pɛ ko la, eva hiã be míatso míaƒe kadodoa me. Nyemebui kura be nu si gɔme míedze nyuie awu enu kaba alea o!”—Anna. *

“Ðeko míele abe ŋku kple aɖaba ene. Meka ɖe edzi bliboe be míaɖe mía nɔewo godoo. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva kpɔe be míesɔ na mía nɔewo kura o. Esi mekpɔe be anye vodada gã aɖe be maɖe ame sia ta la, metso kadodoa me.”—Elaine.

Èto nɔnɔme ma tɔgbi me kpɔa? Ne nenemae la, nyati sia akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe enu.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Egbãa dzi na ame ne ŋugbedodo me gblẽ, eye egbã dzi na ame si doe ɖa be yewoatso eme gɔ̃ hã. Ðetugbui si ŋkɔe nye Sarah si tso kadodo me kple ɖekakpui si nɔ ŋugbedodo me kplii dzinu ade la gblɔ be: “Nye dzi gbã vevie. Nye kple ame sia míeli nyuie eye míeka ɖe edzi be míaɖe mía nɔewo godoo, gake kaka makpɔa míaƒe ɖoɖoa ge dze tsi me. Eye ne mese ha siwo dzɔa dzi na mí ame evea vevie la, meɖoa ŋku ale si míekpɔ dzidzɔ ɖekae la dzi. Ne meyi teƒe siwo nye kplii míelɔ̃a yiyi la, enana mesusunɛ vevie.”

Togbɔ be egbãa dzi na ame vevie ne ŋugbedodo me gblẽ hã la, etea ŋu ɖea vi. Elaine gblɔ be: “Màdi be yeado vevesese na amea o, gake èkpɔe be ne yewometso kadodoa me o la, ɖeko wòava zu dzigbagbã na mi ame evea siaa.” Sarah hã lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Mekpɔe be ne wò kple ame aɖe miele ŋugbedodo me gake mèkpɔa dzidzɔ o la, anɔ eme be ne èɖe ame ma la, màkpɔ dzidzɔ o; eya ta nu nyuitɔ koe nye be miatso kadodoa me.”

Ne ètso ŋugbedodoa me la, mefia be ènye ame dokponu o. Le nyateƒe me la, ŋugbedodo kpɔdzidzedze ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu nyea nyametsotso, eye mewua nu kple srɔ̃ɖeɖe kokoko o. Ne mia dometɔ aɖe de dzesi nane si ate ŋu ava nye kuxi gã aɖe ne mieɖe mia nɔewo la, anyo be miatso kadodoa me. Ne ŋugbedodoa me gblẽ la, ema mefia be èdo kpo nu o. Ðe asi le nyaa ŋu nàkpɔ ŋgɔ tẽe! Aleke wòanya wɔe?

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Lɔ̃ ɖe edzi be enyea dzigbãnya godoo. Elaine, si ƒe nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze la gblɔ be: “Nye kple xɔ̃nye vevitɔe dome gblẽ, menye xɔlɔ̃ dzro ko wònye nam o.” Ne wò kple ame aɖe si dome le kplikplikpli dome gblẽ alea la, àse veve hena ɣeyiɣi aɖe godoo. Ðekakpui si ŋkɔe nye Adam gblɔ be: “Ne wò kple ame aɖe ƒe ŋugbedodo me gblẽ la, egbãa dzi na ame godoo, ne ènya be nyametsotso mae ade ye dzi gɔ̃ hã.” Àte ŋu ase le ɖokuiwò me abe Fia David si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ene. Esime wònɔ nu xam la, eŋlɔ bena: “Mefa aɖatsi zã bliboa katã nye aba ƒo tsi belee.” (Psalmo 6:6) Ɣeaɖewoɣi la, nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ ne èle nu xamee nye be nàdo dzi ato eme ke menye be nàsi le enu o. Lɔlɔ̃ ɖe edzi be esɔ be yease veve le nɔnɔme sia me lae nye afɔɖeɖe gbãtɔ si ana nàhaya.—Biblia ƒe mɔfiame: Psalmo 4:4.

De ha kple ame siwo tsɔ ɖe le eme na wò. Menɔa bɔbɔe ya o. Anna, si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Le gɔmedzedzea la, nyemedi kura be amewo nate ɖe ŋunye o. Mehiã ɣeyiɣi ale be nye susu nadze akɔ anyi eye mabu nu si dzɔa ŋu nyuie ale be mase egɔme.” Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Anna va kpɔe be ehiã be yeaɖo dze kple ye xɔlɔ̃ vevi siwo atu ye ɖo. Egblɔ be: “Nye susu dze akɔ anyi azɔ, eye ŋugbedodo ma si me gblẽ la meganana mexaa nu abe tsã ene o.”—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 17:17.

Srɔ̃ nu tso nu si dzɔ la me. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nudzɔdzɔ sia na mede dzesi nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe si ŋu wòle be matrɔ asi lea? Nu ka ŋue wòhiã be matrɔ asi le ne megage ɖe ŋugbedodo bubu me?’ Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Marcia gblɔ be: “Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mete ŋu va se nu si dzɔa gɔme nyuie. Gake exɔ ɣeyiɣi geɖe hafi mete ŋu va ɖu nye seselelãmewo dzi hebu nuwo ŋu nyuie.” Adam, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la hã se le eɖokui me nenema. Egblɔ be: “Exɔ ƒe ɖeka hafi nye dzi dze eme nyuie. Gake ƒe geɖe va yi hafi mete ŋu srɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ ma me. Nu si me meto la na mesrɔ̃ nu geɖe tso ɖokuinye ŋu, nyɔnuviwo kple ŋugbedodo ŋu. Ŋugbedodo ma si me gblẽ la meganana nu tena ɖe dzinye boo fifia o.”

Do gbe ɖa tso wò dzimaɖitsitsiwo ŋu. Biblia gblɔ be Mawu daa “gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu; eye wòblaa abi na wo.” (Psalmo 147:3) Togbɔ be menye Mawue tiaa ame si míaɖe na mí o, eye menye eyae gblẽa ŋugbedodowo me o hã la, etsɔ ɖe le wò nyonyo me vevie. Do gbe ɖa nàgblɔ wò dzimenyawo nɛ.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Petro 5:7.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.