Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Gbɔnye

Kpɔ Gbɔnye

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Oo, tsɔ fon la da ɖi.

    Ðo dze kpl‘amewo.

    Gavu ɖe hahokadodo’o ŋu o,

    Elabe ’sia ahe wò susu

    Ða tso nɔviwo ŋu.

    Nu nyui geɖewo hã ƒo xlã wò; nɔvi,

    ’Ya ta ɖ’asi le wò fo-na ŋu be nàde ha kpl’ame’o.

    Xɔlɔ̃ vavã’o ƒo xlã wò, Oo nɔvi.

    (HAXE)

    Kpɔ gbɔnye.

    Kpɔ nu si’o

    Kpɔm mele.

    Xɔlɔ̃ vavãwo sɔŋ dome míele.

    Kpɔ gbɔnye.

    Se nu si’o

    Sem mele.

    Oo nɔvinye. Da fon-a ɖi nàkpɔ gbɔnye.

  2. 2. Oo, fɔ kɔ dzi nàkpɔ

    Nu si’o kpɔm míele.

    Da mɔ̃ vi ma ɖi ne nàkpɔ gbɔnye.

    Dze xɔlɔ̃ vavã si’o li ɖaa,

    ’Me si’o lɔ̃ Yehowa,

    Si’o aku ɖe ŋuwò yi nuwuwu. Gake,

    Esiawo katã ato ŋuwò ne meɖɔ ŋu ɖo o.

    Xɔlɔ̃ vavã’o ƒo xlã wò, Oo nɔvi.

    (HAXE)

    Kpɔ gbɔnye.

    Kpɔ nu si’o

    Kpɔm mele.

    Xɔlɔ̃ vavãwo sɔŋ dome míele.

    Kpɔ gbɔnye.

    Se nu si’o

    Sem mele.

    Oo nɔvinye.

    (HAƑOƑO)

    Da fon-a ɖi nàkpɔ gbɔnye.

    (DOMETSOHA)

    Gaflu ɖokuiwò gbeɖe o

    Ame’o metoa nyateƒe le Internet dzi’o.

    Hahokadodo’o gblẽa nu lo.

    ’Ya ta nɔvinye ɖɔ ŋu ɖo, ɖ’asi le numame ma ŋu dzro.

  3. 3. Oo, da mɔ̃ vi ma ɖi.

    Ema manɔmee la,

    Nu si’o le vevie wu ato ŋuwò.

    Kpɔ, enya kpɔ ŋutɔ

    Ne míeƒo ƒu ɖekae.

    Míade ha tuameɖo. Nu si hiã koe nye be

    Nàɖ’asi le fon-a ŋu be nàde ha kpl’amewo.

    Xɔlɔ̃ vavã’o ƒo xlã wò, Oo nɔvi.

    (HAXE)

    Kpɔ gbɔnye.

    Kpɔ nu si’o

    Kpɔm mele.

    Xɔlɔ̃ vavãwo sɔŋ dome míele.

    Kpɔ gbɔnye.

    Se nu si’o

    Sem mele.

    Oo nɔvinye. Da fon-a ɖi nàkpɔ gbɔnye.

    Kpɔ nu si’o

    Kpɔm mele.

    Xɔlɔ̃ vavãwo sɔŋ dome míele.

    Kpɔ gbɔnye.

    Se nu si’o

    Sem mele.

    Oo nɔvinye. Da fon-a ɖi nàkpɔ gbɔnye.