Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Maɖo Ŋu Ðe Ŋuwò

Maɖo Ŋu Ðe Ŋuwò

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Wò nyawo ƒo ke ɖe menye

    Abe’ati ƒe ke ’ne.

    Wofaa ’kɔ nam, nana nye dzi dzea eme gbe sia gbe.

    Ta nu ka kee ɖadzɔ o,

    Nunya si tso wò Nyaa me

    Ana maɖo ŋku edzi be ele be makpɔ

    (DOMEHAXE)

    Ŋgɔgbe; nyemavɔ̃ o.

    Yehowa ŋu ko maku ɖo.

    (HAXE)

    Ne nɔnɔmea sesẽ hãa,

    Wò Nya la doa ŋusẽm ɖaa.

    Ta mayi edzi aɖo ŋu ɖe ŋuwò tegbee.

  2. 2. Ne tetekpɔwo nu sẽ hãa,

    Nyemana ta gbeɖe o.

    Matrɔ ɖe ŋuwò, elabe màgblẽm ɖi o.

    Ele be made ŋugble

    Le nu si’o mesrɔ̃ ŋu nyuie,

    Woatsi nye dzi me, wòakpe ɖe ŋunye makpɔ

    (DOMEHAXE)

    Ŋgɔgbe; nyemavɔ̃ o.

    Yehowa ŋu ko maku ɖo;

    Nye Mawu la ŋu maɖo ŋu ɖo

    Be mawɔ nyametsotso nyuiwo.

    (HAXE)

    Ne nɔnɔmea sesẽ hãa,

    Wò Nya la doa ŋusẽm ɖaa.

    Ta mayi edzi aɖo ŋu ɖe ŋuwò tegbee.

    Tegbee.

    (DOMEHAXE)

    Nyemavɔ̃ gbeɖe o.

    Yehowa ŋu ko maku ɖo;

    Nye Mawu la ŋu maɖo ŋu ɖo

    Be nye ŋku nanɔ fetu la dzi.

    (HAXE)

    Ne nɔnɔmea sesẽ hãa,

    Wò Nya la doa ŋusẽm ɖaa.

    Ta mayi edzi aɖo ŋu ɖe ŋuwò tegbee.