Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míagazu Xɔlɔ̃wo Ake

Míagazu Xɔlɔ̃wo Ake

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Masɔmasɔ ɖo mía dome.

    Melé nɔvinyea ɖe dɔ me.

    Medo dziku; mese veve.

    Mía dome gblẽ. Mesɔ kura o,

    Menyo kura o.

    (HAXE)

    Maɖ’asi le nya ma ŋu faa,

    Ana míawɔ ŋutifafa.

    Matsɔ ake tso dzi me ke,

    Ne míagazu xɔlɔ̃wo’ake.

  2. 2. Medi vevie tso dzi me be

    Masrɔ̃ Mawu ƒe tsɔtsɔke.

    Etsɔa nu vɔ̃ gã’o kea mí faa.

    Via lɔlɔ̃a va ku ɖe mía ta

    Le lɔlɔ̃ ta.

    (HAXE)

    Maɖ’asi le nya ma ŋu faa,

    Ana míawɔ ŋutifafa.

    Matsɔ ake tso dzi me ke,

    Ne míagazu xɔlɔ̃wo’ake.

    (DOMETSOHA)

    Nyee aɖ’afɔa gbã.

    Nyemagahe ɖe megbe o.

    Míakpɔ nyaa gbɔ kaba

    Be míadzra mía nɔe’o dome ɖo.

  3. 3. Yehowa lɔ̃ mí’ame ’vea siaa.

    Edi be míalɔ̃ mía nɔe’o ɖaa.

    Ta matsɔ ke tso dzi me faa.

    Ana makpɔ dzidzɔ vavã,

    Ŋutifafa.

    (HAXE)

    Maɖ’asi le nya ma ŋu faa,

    Ana míawɔ ŋutifafa.

    Matsɔ ake tso dzi me ke,

    Ne míagazu xɔlɔ̃wo’ake.

    Ne míagazu xɔlɔ̃wo’ake.

    Nyee aɖ’afɔa gbã.