Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mímana Ta O

Mímana Ta O

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Meke ɖe nu xɔasi aɖe ŋu.

    Meva nya nu tso Yehowa Mawu ŋu.

    Nu nyui si’o mesrɔ̃ la de dzi gbɔ nam.

    Gake yometitiwo ava godoo.

    (DOMEHAXE)

    Nyemana ta kura’o.

    Ke mawɔ nu dzɔdzɔe ɖaa.

    (HAXE)

    Meɖoe kplikpaa be mawɔ nuteƒe ɖaa.

    Nyemana ta kpɔ gbeɖe o.

    Mawu ƒe Nya dzie mawɔ gbe sia gbe.

    Mado gbe ɖa be mali ke.

    Matu nye xɔse ɖo; nyemana ta’o.

  2. 2. Mí katã míatia nu si míawɔ:

    ’Me kae míaɖo to? ’Me kae míasubɔ?

    Xexe sia ƒe xaxawo nu ayi.

    Ke le xexe yeyea me míaɖe dzi ɖi.

    (DOMEHAXE)

    Míeka ɖe ’sia dzi.

    Fiaɖuƒea ava kpuie.

    (HAXE)

    Míeɖoe kplikpaa be míawɔ nuteƒe ɖaa.

    Mímana ta kpɔ gbeɖe o.

    Mawu ƒe Nya dzie míawɔ gbe sia gbe.

    Míado gbe ɖa be míali ke.

    Ɛ̃, míatu xɔse ɖo; mímana ta’o.

    (HAXE)

    Míeɖoe kplikpaa be míawɔ nuteƒe ɖaa.

    Mímana ta kpɔ gbeɖe o.

    Mawu ƒe Nya dzie míawɔ gbe sia gbe.

    Míado gbe ɖa be míali ke.

    Ɛ̃, míatu xɔse ɖo; mímana ta’o.

    Mímana ta’o.

    Mímana ta’o.