Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Akplɔm Dedie

Xɔse Akplɔm Dedie

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Menɔ ŋuɖoɖo dim na nye biabiawo.

    Wò nya’o de dzi gbɔ nam, gblɔ geɖe nam.

    Wode dzi gbɔ; mase geɖe.

    Èɖo nye biabiawo katã ŋu nam.

    Nye dzimaɖitsitsiwo katã nu yi.

    Nye dzi dze ’me keŋkeŋ azɔ.

    (HAXE)

    Mɔ didi’aɖe dzi zɔm míele.

    Ke xɔse akplɔm dedie.

    Ne ewɔ nam be wɔna vɔ hã,

    Xɔse akplɔm dedie;

    Akplɔm dedie.

  2. 2. Melɔ̃ nu si’o mesrɔ̃, magblɔe n’amewo.

    Matso enumake ayi wogbɔ.

    Ɛ̃, medze mɔ

    Be magblɔe na wo.

    Nye xɔse le bibim abe dzo le menye.

    Mawɔ tɔnye sinua be enu matsi’o.

    Anɔ bibim le menye ɖaa.

    (HAXE)

    Mɔ didi’aɖe dzi zɔm míele.

    Ke meɖoa ŋku edzi be

    Ne ewɔ nam be wɔna vɔ hã,

    Xɔse akplɔm dedie;

    Akplɔm dedie.

    (DOMETSOHA)

    Ne nya vɔ̃wo dzɔ la, egbãa dzi na mí.

    Ke míado gbe ɖa vevie; míatrɔ ɖe Yehowa ŋu.

    Ebe: “Ne èɖo ŋu ɖe ŋunye,

    Mado ŋusẽ wò nàkpɔe be

    Wò xaxawo katã la,

    Le nyanya me nam nyuie.”

    (HAXE)

    Mɔ didi’aɖe dzi zɔm míele.

    Ke meɖoa ŋku edzi be

    Ne ewɔ nam be wɔna vɔ hã,

    Xɔse akplɔm dedie.

    (HAXE)

    Mekpɔe azɔ, meka ɖe ’dzi,

    Xɔse akplɔm dedie.

    Ne ewɔ nam be wɔna vɔ hã,

    Xɔse akplɔm dedie;

    Akplɔm dedie.