Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Xexea Me

“Ƒe sia ƒe la, vidzĩ siwo ade miliɔn 3 kloe kuna le wo dzidzi ƒe ɣleti gbãtɔ me, evɔ woate ŋu axe mɔ ɖe wo dometɔ akpa gãtɔ ƒe ku nu hafi. Vidzĩ siawo ƒe afã kloe kuna le gbe si gbe wodzi wo.”—Save the Children International.

Britain

England Ƒe Haho Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be le ƒe 2011 me la, ame siwo wum yame ƒe ɖiƒoƒo le dzi ɖe edzi le London ƒe du 15 me. Wokafu mɔ̃memi si woyɔna be diesel be megblẽa naneke le ame ŋu o, elabena wobe menona le ʋu me kabakaba o eye meƒoa ɖi yame fu hã o. Ke hã, mɔ̃memi sia mee nu siwo naa yame ƒoa ɖi la ƒe 91 le alafa me tso.

Russia

Numekuku si Russiatɔwo ƒe habɔbɔ aɖe (Public Opinion Foundation) wɔ le ƒe 2013 me ɖee fia be Russiatɔ siwo ade 52 le alafa me siwo ƒu asi akɔ be yewonye Ortodɔks Kristotɔwo la gblɔ be yewomexlẽ Biblia ƒe akpa aɖeke gɔ̃ hã kpɔ o, eye wo dometɔ 28 le alafa me gblɔ be ƒãa hafi yewodoa gbe ɖa.

Afrika

Xexea Me Ƒe Gadzraɖoƒegã gblɔ be dzrewɔwɔ ɖe agbledenyigba ta wɔe be agbledede mele afɔ tsɔm o, eye wòna be ahedada le dzidzim ɖe edzi le Afrika. Xexea me ƒe agbledenyigba siwo womedena o ƒe afã, si ade agbleka miliɔn 500 le Afrika, afi si wokpɔa agblenuku ƒe agbɔsɔsɔ si wòle be woakpɔ hafi la me mama ɖeka le ene me pɛ ko le.

United States

Le yunivɛsitiwo kple suku geɖewo me la, womegale nusrɔ̃gbalẽwo ŋutɔŋutɔ zãm o. Asikɔmpiuta siwo dzi nusrɔ̃gbalẽwo, kɔmpiutaɖoɖowo, ha kple video ƒonu siwo hiã le lae va xɔ ɖe wo teƒe. Ame aɖeke menya ne esiae aɖe gazazã dzi akpɔtɔ na sukuviawo o.