Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Milé Ŋku Ðe Dziƒoxewo Ŋu Nyuie”

“Milé Ŋku Ðe Dziƒoxewo Ŋu Nyuie”

XEVIWO le anyigba ƒe akpa sia akpa, eye woawoe nye nuwɔwɔ siwo ŋu woate ŋu alé ŋku ɖo bɔbɔe wu la dometɔ ɖeka. Gawu la, xevi ƒomevi vovovowoe li, wole amadede vovovowo me, woƒe xɔxlɔ̃, fefe kple nuwɔnawo ate ŋu ana be wo kpɔkpɔ mati ame o.

Ʋlẽ

Ðewohĩ àte ŋu akpɔ xeviwo ƒe gbe sia gbe nuwɔnawo to wò xɔ ƒe fesre nu gɔ̃ hã: àkpɔ aɖitsi si le vɔklui kam, bleamedegbe si le nudzodzoeviwo dim, ahɔ̃ne si le asi yɔm, sagbadre si le eƒe atɔ wɔm vevie alo sikayrɔe si le nuɖuɖu nam via siwo dɔ le wuwum.

Tsaxe

Xevi aɖewo abe hɔ̃, ayisu kple aʋako ƒe dzodzo le yame awɔ dɔ ɖe dziwò. Ðewohĩ ɖewo hã ƒe nuwɔna aɖi kokoe na wò: Atsutsrɔe siwo le nuɖuɖu sue aɖe ʋlim, ahɔnɛtsu aɖe si le akɔta dom ɖe dzi be yeƒe nu nadze ahɔnɛnɔ ŋu alo ako ƒomevi aɖewo siwo trɔ ta gbo eye wole agbagba dzem be yewoali ɖe elektrikika dzi. Eye ne damixewo, aŋɔɣiwo alo yevukpakpaxewo le ha me le dzodzom va yina la, enya kpɔna ŋutɔ! Le nyateƒe me la, ƒe akpe geɖee nye esia la ale si ŋutete le xeviwo si wodzona  yia didiƒe ke hetrɔna gbɔna ɖe game dzi pɛpɛpɛ la wɔa dɔ ɖe ame siwo léa ŋku ɖe xeviwo ŋu la dzi ŋutɔ. Nyateƒee, Wɔla la ŋutɔ gblɔ be: “Damixe le dziƒo te hã nya eƒe azã, eye akpakpa, sagbadre kple tsalɛ dzea si woƒe gbɔgbɔɣi.”Yeremiya 8:7.

Ŋkuléle Ðe Biblia Me Xewo Ŋu

Biblia ƒo nu tso xeviwo ŋu, eye zi geɖe la etsɔa wo fiaa nu vevi aɖewo mí. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu nɔ nu ƒom tso golo kple ale si wòsia du ŋutɔ ŋu la, egblɔ na Hiob be: “Ne edzo ʋaʋaʋa la, ekoa sɔ kple edola.” * (Hiob 39:13, 18) Mawu gabia Hiob be: ‘Wò nunya nue aʋako dzona lea alo ɖe hɔ̃ dzona le wò nya nua?’ (Hiob 39:26, 27) Nufiame kae le eme? Xewo tea ŋu wɔa nu siawo mí amegbetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee. Ŋutete siwo le wo si la ɖea Mawu ƒe nunya fiana, ke menye mí amegbetɔwo tɔ o.

Fia Salomo ŋlɔ nu tso “akpakpa ƒe xɔxlɔ̃” si ɖea gbeƒã adame ƒe vava ŋu. (Hawo ƒe Ha 2:12) Hakpala ƒo nu tso sagbadre ŋu esi wònɔ nu ŋlɔm tso ale si wòdi vevie be yeasubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔa me ŋu. Egblɔ ŋuʋaʋãtɔe be: “Xevi kpɔ aƒe, eye sagbadre kpɔ atɔ na eɖokui, afi si wòatsɔ viawo aɖoe, eya nye wò vɔsamlekpuiwo, Yehowa Zebaot.”Psalmo 84:2-4.

“Mia Fofo si le dziƒo la nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu wo oa?”Mateo 6:26

Yesu Kristo hã gblɔ nya siwo wɔ dɔ ɖe ame dzi wu la dometɔ aɖewo ku ɖe xewo ŋu. Bu nya mawo dometɔ aɖewo siwo dze le Mateo 6:26 la ŋu kpɔ. Egblɔ le afi ma be: “Milé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu nyuie, elabena womeƒãa nu alo ŋea nu, alo ƒoa nuwo nu ƒu ɖe nudzraɖoƒewo o; ke hã, mia Fofo si le dziƒo la nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu wo oa?” Yesu gblɔ kpɔɖeŋu dedzigbɔname sia tsɔ na kakaɖedzi eyomedzelawo be woxɔ asi le Mawu ŋkume eye mehiã be woatsi dzimaɖi le agbemenuhiahiãwo ŋuti gbeɖe o.Mateo 6:31-33.

Egbea, xeviwo kpɔkpɔ nye modzakaɖeɖe si doa dzidzɔ na ame geɖe, eye mewɔ nuku o, elabe xeviwo ƒe fefewo, atsyɔ̃ɖoɖo, atsyã vovovo siwo wowɔna ne wole asi yɔm kple woƒe xɔxlɔ̃ wɔa dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe. Gawu la, wofiaa agbemenu vevi aɖe ame siwo léa ŋku ɖe wo ŋu hedea ŋugble le wo ŋu. Ðe màdi be ‘yealé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu nyuie oa’?

^ mm. 6 Golo ye nye xe lolotɔ kekeake, esia du wu xevi ɖe sia ɖe, eye esia du kilometa 72 le gaƒoƒo ɖeka me.