Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Aleke Nàwɔ Anɔ Ŋutifafa Me Kple Amewo?

Aleke Nàwɔ Anɔ Ŋutifafa Me Kple Amewo?

Frank kple Jerry wonye aƒelika siwo dome le nyuie. Gake nɔnɔmea va trɔ esi Jerry ɖo kplɔ̃ na exɔlɔ̃ aɖewo zã ti hafi wokpã. * Esime Frank gblɔ nɛ be woƒe toɣliɖeɖea ɖe fu na ye la, Jerry do dziku ɖe eŋu vevie. Woʋli nya vevie, eye mlɔeba wolé fu wo nɔewo.

MENYE Frank kple Jerry ko dzie nu sia dzɔ ɖo kpɔ o. Zi geɖe la, ne masɔmasɔ ɖo ame eve dome la wodoa dziku ɖe wo nɔewo ŋu vevie, wonɔa fɔ bum wo nɔewo. Ne womekpɔ nyaa gbɔ o la, woƒe xɔlɔ̃dzedzea me gblẽna.

Ðewohĩ nu sia tɔgbi dzɔ ɖe dziwò kpɔ. Anɔ eme be ete ɖe dziwò. Enye nyateƒe be mía dometɔ akpa gãtɔ míedina be míanɔ ŋutifafa me kple mía xɔlɔ̃wo kple aƒelikawo ahalé nɔvisi. Aleke míate ŋu awɔ esiae ne míedo dziku gɔ̃ hã? Ðe míate ŋu aɖu dziku dzi ahatsɔ ake ame siwo daa vo ɖe mía ŋua? Ðe míate ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ le lɔlɔ̃ mea?

Bu Frank kple Jerry ƒe nyaa ŋu kpɔ. Woƒe xɔlɔ̃dzedzea me dze gbegblẽ gɔme esime woɖe afɔ gbegblẽ siawo: (1) Jerry mebu ame ŋu o, (2) mɔ si nu Frank gblɔ ale si toɣliɖeɖea ɖe fu nɛ le la do dziku na Jerry, (3) wo ame evea siaa do dziku eye (4) wo ame evea siaa gbe asiɖeɖe le nyaa ŋu.

Mlɔeba wova bu nuwo ŋu nyuie. Woɖe asi le nyaa ŋu hewɔ ŋutifafa. Nu kae kpe ɖe wo ŋu wote ŋu wɔ esia? Wowɔ ɖe mɔfiame vevi siwo kpe ɖe xɔlɔ̃ geɖewo ŋu wokpɔ woƒe masɔmasɔwo gbɔ eye wova vivi wu tsã la dzi.

Mɔfiame siawo le Biblia, si nye agbalẽ si woma le xexea me wu la me. Edea dzi ƒo na mí be míatu nɔnɔme nyui siwo ana míanɔ ŋutifafa me kple amewo ahakpɔ masɔmasɔwo gbɔ la ɖo. Nɔnɔme siawo dometɔ aɖewoe nye nugɔmesese, dɔmekɔkɔ, lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi.Lododowo 14:29; 1 Korintotɔwo 13:4, 5.

Ale si Frank kple Jerry te ŋu dzra wo nɔewo dome ɖo la nye ale si ŋusẽ le Biblia  ŋu wòtea ŋu trɔa amewo ƒe agbenɔnɔ la ƒe kpɔɖeŋu eve ko. Biblia trɔ ame geɖewo ƒe agbenɔnɔ, eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã nye ame siwo me nɔnɔme gbegblẽwo ƒo ke ɖe to ɖo tsã. Le kpɔɖeŋu me, Robert si le Australia, ɖu dzikudodo helĩhelĩ dzi. Nelson si le Timor-Leste hã ɖu fuléle amewo kaɖikaɖi dzi eye wòva zu ame aɖe si nye eƒe futɔ tsã la ƒe xɔlɔ̃ vevi. Aleke Biblia kpe ɖe wo ŋu? Nyɔ! magazinea talawo bia gbe wo.

GBEBIAME 1

ROBERT, ƒo nu tso ɖokuiwò ŋu na mí vie.

Menye ƒome kpɔdzidzɔ mee wonyim le o. Le kpɔɖeŋu me, fofonye wɔa adã ŋutɔ eye wòƒoam zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, eƒoam ale gbegbe be ʋu gbãna bleam eye mebuna ɖe ɖokuinye gɔ̃ hã. Esia wɔe be meva zu adãwɔla kple ŋutasẽla. Le nye sɔhɛme la, wokplɔm da ɖe ɖevi dzeaglãwo ƒe suku be woaɖɔm ɖo. Menɔ afi ma ƒe eve. Emegbe la, mewɔ nu vevi ame aɖe eye wodem mɔ́ le gaxɔ aɖe si nu wodzɔna vevie la me. Esi woɖe asi le ŋunye la, meʋu yi Australia kple susu be madze agbe yeye nɔnɔ gɔme le afi ma.

Robert tsi va nye ame si doa dziku helĩhelĩ eye wodee mɔ́ gɔ̃ hã kpɔ

Ðe ʋuʋu yi afi ma na nètrɔ agbenɔnɔa?

Menye ʋuʋu koŋue na metrɔ o, ke Biblia si Yehowa Ðasefowo srɔ̃ kplim ye. Ke hã agbagba ŋutɔe medzena hafi tea ŋu ɖua nye dzikua dzi, eye zi geɖe la, dzi ɖena le ƒonye eye mesena le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o. Gbe ɖeka mede ŋugble tso Lododowo 19:11 me nyawo ŋu. Afi ma gblɔ be: “Ame si gbɔa dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.” Esi medi vevie be manye nunyala ta la, medze agbagba be mase nu si míaƒe seselelãmewo, nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ɖena fiana la gɔme. Vivivi la, meva nye ame si tsɔ kena, sea nu gɔme hegbɔa dzi ɖi.

Àte ŋu agblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe na mía?

Gbe ɖeka mewɔ nane wòve xɔ̃nye aɖe, gake menye ɖe meɖoe hafi o, eye wòka mo nam vevie le amewo ŋkume. Ŋukpem ale gbegbe! Gake meɖo ŋku aɖaŋu si Biblia ɖo be, “migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o” la dzi eye meɖe kuku nɛ enumake. (Romatɔwo 12:17) Esi xɔ̃nyea ƒe dzi fa la, mete ɖe eŋu eye wògblɔ nam be yele ƒomekuxi aɖe me tom tae. Míwɔ ŋutifafa eye emegbe wòna awu nyui aɖem. Nenye tsãe wòdo ŋukpem nenema la, nu si adzɔ teƒe makɔ o.

Aleke nèkpɔa wò ƒomekuxiwo gbɔe?

Mía vi xɔ ƒe 20, eye masɔmasɔwo ɖoa míawo hã mía dome ɣeaɖewoɣi abe ale si wòdzɔna le ƒome bubuwo gome ene. Gake mesrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me, si ƒe ɖee nye ale si wòle vevie be magblɔ be, “Tɔnye medzɔ o.” Nya mawo gbɔgblɔ tso dzi me tea ŋu xea mɔ na dzrewɔwɔ alo tsia enu kura.

 GBEBIAME 2

NELSON, èkoa nu hedoa vivi ɖe ame ŋu. Gake ewɔ abe tsã la, èdoa dziku vevie ene, alo mele nenema oa?

Nenemae! Esi menye sɔhɛ la, meɖo dunyaheha aɖe si tsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu la me. Melé fu dunyaheha aɖe si nɔ ho ʋlim kpli mí be yewoaɖu míaƒe nutoa dzi me tɔwo. Esi medi be magabi ɖe aʋawɔwɔ me ta la, meva srɔ̃ karatdada eye meƒoa ame sia ame si do dziku nam.

Esi Nelson nye sɔhɛ la, eɖo dunyaheha aɖe me

Nu kae na nètrɔ nɔnɔme?

Meva te Biblia-sɔsrɔ̃ eye meva le agbe nɔm ɖe eƒe mɔfiamewo nu. Eƒe mɔfiame eve aɖewo koŋ wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Gbãtɔ gblɔ be: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Evelia gblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Mekpɔe be Yehowa Ðasefo siwo dometɔ aɖewoe va srɔ̃ Biblia kplim la lɔ̃a ame sia ame ne woƒe dukɔ alo dekɔnuwo to vovo gɔ̃ hã. Medi be manɔ abe woawo ene. Edze ƒãa be mete ŋu ɖo taɖodzinu sia gbɔ elabena nye ame nyanyɛwo megavɔ̃na nam o.

Ðe Nègawɔa Adã Ɣeaɖewoɣia?

Ɛ̃, gake menye le ame dome o. Ke hã ɣeaɖewoɣi la, avu kple kɔ wònyena nam be maɖu ɖokuinye dzi le aƒe me. Ne mato nyateƒea, dzi kum vevie gbe ɖeka eye medo asi ɖe srɔ̃nye gbɔ, gake eva te ɖe dzinye vevie be mewɔ nu nenema. Srɔ̃nye lɔ̃ faa tsɔe kem, eye esia na megaɖoe kplikpaa wu tsã be maɖu ɖokuinye dzi.

Ègblɔ be amewo megavɔ̃na na ye o. Àte ŋu agblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖe na mía?

Faa. Gbe ɖeka meva do go dunyaheha si nɔ ho ʋlim kple mía tɔ la ƒe amegã aɖe si ŋkɔe nye Augusto. Esi wòkpɔm teti la, enɔ aye dzi nam. Gake medo gbe nɛ vividoɖeameŋutɔe. Ema na wòkpɔe be medi be míaɖe asi le tsãdzrewɔwɔwo ŋu. Mekpee hã be wòava srãm kpɔ le aƒe me. Elɔ̃ ɖe edzi eye wòwɔ nuku nɛ ŋutɔ be metrɔ nenema gbegbe, si wɔe be eya hã dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme. Fifia menye xɔlɔ̃wo koe nye kple Augusto míezu o, ke míezu nɔvi Kristotɔwo hã.

 “Minɔ Anyi Kple Amewo Katã Le Ŋutifafa Me”

Nu siwo gbɔ masɔmasɔwo tsona la sɔ gbɔ hele vovovo eye menye ame sia amee lɔ̃na be yeawɔ ŋutifafa o. Eya ta Biblia ɖo aɖaŋu sia be: “Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”Romatɔwo 12:18.

Ame siwo ƒe nya míegblɔ le nyati sia me la nye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ be nunya si dze le Biblia me la ɖea vi eye be ŋusẽ le esi be wòaɖe nɔnɔme gbegblẽ siwo “ƒo ke ɖe to sesĩe” ɖe mía me la gɔ̃ hã ɖa ne míawo ŋutɔwo míelɔ̃. (2 Korintotɔwo 10:4) Lododowo 3:17, 18 gblɔ tso nunya ma ŋu be: “Eƒe mɔwo nye mɔ vivi, eye eƒe toƒewo katã nye ŋutifafa. Agbeti wònye na ame siwo lée ɖe asi, eye woayra ame si vàe goŋgoŋ la.”

Nelson and Augusto are now good friends

Ðe nàdi be yeakpɔ dzidzɔ geɖe wu ahanɔ ŋutifafa me kple amewoa? Èdi vevie be yeadze xɔlɔ̃ ame siwo magblẽ ye ɖi ne masɔmasɔwo do mo ɖa oa? Ne nenemae la, àkpɔ dzidzedze geɖe ne èwɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi.

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.