Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Srɔ̃ Ale Si Nàgbe

Srɔ̃ Ale Si Nàgbe

KUXIA

Viwò di godoo be nàwɔ nane na ye evɔ wò hã nègbe. Ɣesiaɣi si wòbia nane nègbe la, enɔa fu ɖem na wò ʋuu ɖeko wògloa wò. Naneke meli nègblɔna alo wɔna wòdzea akɔ anyi o, eya ta ɖeko nèva gblɔna na ɖokuiwò be yeawɔ eƒe didia dzi nɛ ne yeavo. Ne eƒe fuɖenamea va ti kɔ na wò la, ɖeko nènaa ta mlɔeba.

Àte ŋu ana viwòa nadzudzɔ nu sia wɔwɔ. Gake gbã la, na míakpɔ nu siwo ta wòle be nàtɔ afɔ to sesĩe ne viwò wɔa nu sia la ɖa.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ne viwòa be yeawɔ nane nègbe la, menye ɖe nèle tame sẽm le eŋu o. Dzila aɖewo malɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Woagblɔ be ele be nàdzro nu me kple viwòa, aɖe nu me nɛ alo nàda nyawo kpɔ kplii. Eye woagblɔ be nàƒo asa na eƒe didiwo gbegbe, elabe ana wòado dziku.

Enye nyateƒe be ne viwòa bia nane alo be yeawɔ nane nègbe la, ate ŋu ate ɖe edzi le gɔmedzedzea me ya. Ke hã, esia ate ŋu afia nu vevi aɖee, eyae nye be menye nu sia nu si wòdi le agbe me lae wòakpɔ o. Gake ne ènaa ta viwòa la, ke èle ŋusẽ si le asiwò abe dzila ene me gbɔdzɔm, eye èle viwòa fiam hã be wòawɔ vinugbe alo nugbenugbe ɣesiaɣi si wòle nane dim tso asiwò. Ne eva ɖo afi aɖe la, ado dziku ɖe ŋuwò ne ebia nane nègbe. Ðe ɖevi ate ŋu ade bubu si dze la edzilawo ŋu ne wonaa ta bɔbɔea?

Èle viwòa dzram ɖo be wòava zu sɔhɛ kple ame tsitsi ɖɔʋu. Ne viwòa bia nane nègbe la, ke èle ale si wòate nanewo eɖokui la fiamee. Ne ɖevi srɔ̃ nu vevi sia la, anɔ eme be ne eva tsi la mana ta ne wodo atike vɔ̃ɖi zazã alo matrewɔwɔ ƒe susu ɖe egbɔ o.

Ne viwòa bia nanewo nètea ŋu gbena la, ke èle ehem be wòava nye ame tsitsi ɖɔʋu. Ðɔkta David Walsh gblɔ be: “Nyateƒeae nye be, mí ame tsitsiwo gɔ̃ hã míaƒe asi mesua nu siwo míedi la dzi ɣesiaɣi o. Eya ta ne míewɔa nu sia nu si mía viwo di la na wo la, ke mímele kpekpem ɖe wo ŋu be woatsi ava nye ame ɖɔʋuwo o.” *

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Wò susu nènɔ wò taɖodzinua dzi. Èdi be viwòa nava zu ame tsitsi si su te, si tea ŋu ɖua eɖokui dzi eye wòakpɔ dzidzedze le agbe me. Ne èwɔa nu sia nu si wòdi la nɛ la, maɖo taɖodzinu ma gbɔ gbeɖe o. Biblia gblɔ be “ne ame aɖe wɔ vinugbee na eƒe kluvi tso ɖevime la, ava ɖu aƒetɔ [ɖe edzi] emegbe.” (Lododowo 29:21) Eya ta ne ègbe be yemawɔ viwòa ƒe didi aɖewo dzi nɛ o la, èle hehe nyui aɖe namee. Hehe sia nana viwòa magblẽ naneke le eŋu o, ɖe wòaɖe vi nɛ boŋ.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 19:18.

Ne viwòa bia nane nègbe la, tɔ afɔ to sesĩe. Menye viwòa hatie nènye o. Eya ta ne viwò bia nane nègbe la, mehiã be nàva nɔ nu me dzrom kplii kaka abe ɖe wòhiã be wòada asi ɖe edzi hafi ene o. Ne ɖeviwo va le tsitsim la, ehiã be woana “hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo to wo zazã me, bene woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.” (Hebritɔwo 5:14) Eya ta naneke megblẽ le eŋu be nàɖe nu me na viwòa o. Gake mehiã be nàva nɔ nu si tae nègbe na viwòa be wòagawɔ nane o la me ɖem nɛ atraɖii o. Ne wò kple viwòa míenɔa nya ʋlim la, ɖeko wòabu wò nyawo be wonye susu ko dom nèle ɖa.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Efesotɔwo 6:1.

Tɔ afɔ to sesĩe. Viwòa ate ŋu anɔ kuku ɖem kakaka alo anɔ vinugbe wɔm be nàlɔ̃ na ye. Ne aƒe mee miele la, nu kae nàte ŋu awɔ? Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ðe ɖokuiwò ɖa le ɖevia ŋu. Gblɔ nɛ be, ‘Ne èdi be yeafa avi la, fae, gake nyemedi be masee o. Yi xɔ me nàfa avia, ne èfae vɔ ko la nàva.’” (Loving Without Spoiling) Le gɔmedzedzea me la, afɔtɔtɔ to sesĩe alea ate ŋu asesẽ na wò, eye viwòa hã malɔ̃ nu na wò o. Gake ne eva kpɔe be ɖe nètae bla edzi goŋgoŋgoŋ la, anɔ asi ɖem le nuwɔna ma ŋu vivivi.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Yakobo 5:12.

Mèganɔ viwòa ƒe didiwo gbem ko be yeatsɔe aɖee fiae be yee dzi o

Da sɔ. Mèganɔ viwòa ƒe didiwo gbem ko be yeatsɔe aɖee fiae be yee dzi o. Ke boŋ na ‘amewo nanyae be nugɔmeselae’ nènye. (Filipitɔwo 4:5) Àte ŋu alɔ̃ faa awɔ viwòa ƒe didiwo dzi nɛ ɣeaɖewoɣi ne wosɔ eye menye eƒe vinugbe alo nugbenugbee tae o.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Kolosetɔwo 3:21.

^ mm. 10 Agbalẽ si me woɖee tsoe nye No: Why Kids—of All Ages—Need to Hear It and Ways Parents Can Say It.