Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI BIBLIA GBLƆ

Drɔ̃e Siwo Tso Mawu Gbɔ

Drɔ̃e Siwo Tso Mawu Gbɔ

Ðe Mawu ƒo nu na amewo to drɔ̃ewo dzia?

“[Mawu ƒe nyagblɔɖila] Daniel ku drɔ̃e, eye wòkpɔ ŋutega le eƒe aba dzi; eye wòŋlɔ drɔ̃e la ɖi hexlẽ nu vevitɔwo fia.”Daniel 7:1.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu gblɔ gbedeasi vevi aɖewo na amewo to mɔ vovovowo dzi. Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, eƒo nu na amewo ɣeaɖewoɣi to drɔ̃ewo me. Gake menye drɔ̃e manyatalenu masegɔmena siwo míekuna gbe sia gbe ye o. Drɔ̃e siwo tso Mawu gbɔ la me kɔna eye gɔmesese nɔa wo ŋu, eye wonyea gbedeasi aɖe koŋ. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Daniel kpɔ lã vovovo aɖewo le drɔ̃e me siwo le tsitre ɖi na xexea me fiaɖuƒewo tso Babilon dzi va se ɖe míaƒe ŋkekea me. (Daniel 7:1-3, 17) Mawu gblɔ na Yosef Nazaret-tɔ, ame si xɔ Yesu nyi la, le drɔ̃e me be wòakplɔ srɔ̃a kple via asi ayi Egipte. Esia wɔe be Fia vɔ̃ɖi Herodes me te ŋu wu Yesu o. Esi Herodes ku la, Mawu na Yosef nya le drɔ̃e me eye wògblɔ nɛ be nekplɔ eƒe ƒomea woatrɔ yi wo de.Mateo 2:13-15, 19-23.

 Ðe Mawu ƒoa nu na mí le drɔ̃e me egbea?

“Migagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi la ŋu o.”1 Korintotɔwo 4:6.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Drɔ̃e siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la nye nya siwo Mawu ɖe fia amegbetɔwo la ƒe akpa aɖe. Eya ta 2 Timoteo 3:16, 17 ƒo nu tso nyaɖeɖefia siawo ŋu be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”

Biblia nana míenɔa “dzadzraɖoɖi keŋkeŋ” le mɔ sia nu be ena- na míenyaa nu siwo katã wòle be míanya tso Mawu, eƒe nɔnɔmewo, eƒe susu ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu ŋuti. Enana míenyaa akpa si mí amegbetɔwo míele le eƒe tameɖoɖowo ku ɖe anyigba ŋu me hã. Le esia ta Mawu megatoa drɔ̃ewo dzi ƒoa nu na amegbetɔwo o. Ne míedi be míasrɔ̃ nu tso etsɔ me kple nu siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mí ŋu la, mele be míagbɔ “nu siwo woŋlɔ ɖi” le Biblia me la ŋu o. Gawu la, ame sia ame kloe ate ŋu ake ɖe Biblia ŋu eye wòasrɔ̃ nu tso nya geɖe siwo Mawu ɖe fia le eme, siwo dome drɔ̃ewo hã le la ŋu.

Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe drɔ̃e kple ŋutega siwo le Biblia me la dzi?

“Gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.”2 Petro 1:21.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Drɔ̃e kple ŋutega siwo le Biblia me la nye nyagblɔɖiwo. Wogblɔ nu siwo ava dzɔ le etsɔme la ɖi. Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo woŋlɔ ɖi kpena ɖe Biblia-xlẽlawo ŋu wotea ŋu kpɔnɛ dzea sii be Biblia me nyawo nye nyateƒe eye eŋlɔlawo ɖi anukware. Ðe nu siwo woŋlɔ la de pɛpɛpɛa? Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye nyagblɔɖi si le Daniel 8:1-7, si woŋlɔ le Babilon Fiaɖuƒea ƒe nuwuwu lɔƒo.

Nyagblɔɖi sia ku ɖe gbɔ̃tsu si tu dzo agbo aɖe ƒu anyi henya avuzi le edzi la ŋu. Mele be Daniel nasusu gɔmesese si le ŋutega sia ŋu ko agblɔ o. Mawudɔla aɖe ɖe eme nɛ be: “Agbo dzoevee, . . . enye Media- kple Persia-fiawo. Gbɔ̃tsu la nye Hela-nyigba ƒe fia, eye dzo gã, si le ŋugbladome nɛ la, enye fia gbãtɔ.” (Daniel 8:20, 21) Ŋutinyawo ɖo kpe edzi be Medo-Persia va zu xexemeŋusẽ ɖe Babilon teƒe. Eye le ƒe alafa eve aɖewo megbe la, Hela fia Aleksanda Gãtɔ va ɖu Medo-Persia dzi. Ale si Biblia me nyagblɔɖi sia va eme pɛpɛpɛ la, nenema kee wòle le Biblia me nyagblɔɖi bubu siwo dome drɔ̃e me nyagblɔɖiwo hã le la gome. Nyateƒenya sia ɖeɖe dzaa na Biblia to vovo na agbalẽ kɔkɔe ɖe sia ɖe eye wòna kakaɖedzi le Biblia ŋu.